Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 32:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Wotsɔ mũ maɖimawuwo ɖe ŋuʋaʋã menye, eye wotsɔ woƒe legbawo do dziku nam. Eyata nye hã matsɔ ame maɖidukɔwo ade ŋuʋaʋã wo me, eye matsɔ dukɔ baɖawo ado dziku na wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Wona meʋã ŋu woƒe legbawo ŋutɔ, legba siwo menye mawuwo kura o. Nye hã mana woaʋã ŋu dukɔ si menye dukɔ o la. Mana miado dɔmedzoe ɖe dukɔ si mesea nu gɔme o la ŋu.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 32:21
31 Referans Kwoze  

Ke mele gbɔgblɔm bena: Alo ɖe Israel medze sii oa? Mose ye nye gbãtɔ gblɔ be: „Nye la mana miaʋã ŋu ɖe dukɔ, si menye dukɔ o la ŋuti, eye mado dziku na mi le dukɔ masenugɔme ŋuti.


abe alesi wogblɔ le Hosea me hã ene bena: „Mayɔ ‚Manyenyedukoe‘ be Nye dukɔe la, kple Amemalɔ̃e be Amelɔlɔ̃e;


Eto Yerobeam, Nebat vi la ƒe ʋe me pɛpɛpɛ, eye wòwɔ eƒe nuvɔ̃, siwo wotsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me, be wotsɔ woƒe yakanuwo do dziku na Yehowa, Israel ƒe Mawu la.


le Baesa kple via Ela ƒe nuvɔ̃, siwo katã wowɔ hetsɔ ble Israel de nuvɔ̃ me, eye wotsɔ woƒe yakanuwo do dziku na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ta.


Esi nu te nye luʋɔ ŋu le menye la, meɖo ŋku Yehowa dzi, eye nye gbedoɖoɖa ɖo gbɔwò le wò gbedoxɔ kokoe la me.


Wotsɔ woƒe nuxeƒewo do dziku nɛ, eye woƒe legbawo wotsɔ do adãe.


Wotsɔ mawu bubuwo ɖe ŋuʋaʋã me, eye wotsɔ ŋunyɔnuwo do dɔmedzoe nɛ.


Ɖe tsinala le dukɔwo ƒe trɔ wo domea, eye ɖe dziƒo ate ŋu ana tsi nadza? De menye wò Yehowa ye nye mía Mawu oa? Asiwò nu kpɔm miele, elabena wòe wɔ nusiawo katã!


Metsɔ nye gbɔgbɔ le asiwò me dem; Yehowa, eɖem, wò Mawu nuteƒetɔ.


Alo ɖe miana Aƒetɔ la naʋã ŋua? Ɖe míesesẽ wui mahã?


Eye esi mede asi nuƒoƒo me la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la dze wo dzi, abe alesi wòdze miawo hã dzi le gɔmedzedzea me ene.


Kpɔ ɖa, nye dukɔ ƒe ɣlikpe ɖi tso didiƒenyigba dzi be: „Ɖe Yehowa megale Zion oa, eye ɖe eƒe fia megale eme oa?“ Nukaŋuti wotsɔ woƒe aklama kpakpɛwo kple du bubu me towo ƒe yakanuwo do dziku nam?


Wo katã wodzɔ lã, eye wòzu bometsilawo; wohe to na legbawo, ati wonye.


Migate ɖa, ne miadze nu dzodzro, siwo me viɖe mele o, eye womate ŋu aɖe mi o la yome o; elabena nu dzodzrowo wonye!


Ŋutsuwo, nukae nye esi wɔm miele? Miawo hã amegbetɔ, siwo nu vena la mienye abe miawo ke ene, eye miele nyanyuie la gblɔm fia mi, bena miatrɔ atso nenem yakanu siawo gbɔ ava Mawu gbagbe, si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nusiwo katã le wo me la gbɔ;


Wosa vɔ na trɔ, siwo menye mawuwo o, kple mawu, siwo womenya o, kpakple nu yeye, siwo meli tsã o, nusiwo ŋu mia fofowo medzi ŋɔ le o.


Eye Yuda wɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me, eye wotsɔ woƒe nuvɔ̃, siwo wowɔ la, ɖo dziku nɛ wu nusiwo katã wo fofowo wɔ.


Wodo vlo eƒe ɖoɖowo kple nu, si wobla kple wo fofowo kpakple eƒe se, si wòde na wo la, eye wowɔ yakanuwo hezu ame ɖigbɔwo, eye wodze dukɔ, siwo ƒo xlã wo la yome, eva wònye Yehowa de se na wo be, womegawɔ abe woawo ene o hafi.


Aleke màtsɔe ake wò? Viwòwo gblẽm ɖi, woɖakpe ta ɖe gboloxɔ me.


Viwo le nake fɔm, fofowo le dzo dom, eye nyɔnuwo le amɔwɔ blum, ne woatsɔ tɔ tatali na dziƒofianyɔnu, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo, ne woatsɔ do dziku nam.


èwɔ nu gbegblẽ wu amesiwo katã nɔ ŋgɔ na wò, eye nèɖawɔ mawu bubuwo, eye nèkɔ legbawo, be natsɔ aɖo dɔmedzoe nam, ke netsɔ nye nya ƒu gbe ɖe megbewò la,


eye wodo dzudzɔ le afima le nuxeƒewo katã abe dukɔ, siwo Yehowa nyã le wo ŋgɔ ene, eye wowɔ nu vɔ̃ɖiwo, be woatsɔ ado dziku na Yehowa.


Ena viawo to dzo me, eye wosa dzo, eka afã, eye wòɖo ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, eye wòwɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋku me, ne wòatsɔ do dziku nɛ.


Eye wogblẽm ɖi, eye wodo dzudzɔ na mawu bubuwo, ne woatsɔ woƒe asinudɔwɔwɔwo katã ado dziku nam la, eyata nye dɔmedzoe abi ɖe teƒe sia ŋu, eye matsi o.


Amesiwo le dziku dom nam le ŋkunye me ɖaa, wosaa vɔ le abɔwo me, eye wodoa dzudzɔ le anyikpewo dzi


Ɖe dukɔa ɖe ɖɔ ti eƒe mawuwoa? Evɔ wònye menye Mawu wonye o hafi. Ke nye dukɔ ya tsɔ eƒe ŋutikɔkɔe ɖɔ li nusi mele ɖeke me o lae.


Elabena nye dukɔ la ŋlɔm be, eye wódoa dzudzɔ na nu dzodzroawo, siwo kplɔa wo ɖa tsoa woƒe mo, si nye toƒe mava la dzi, ne woazɔ mɔ kple toƒe xexewo;


Tete wòdo nane da abe asi ene helé nye taɖa, eye gbagba la kɔm ɖe anyigba kple dziƒo domee hekplɔm le Mawu ƒe ŋutega me va ɖo Yerusalem le agbo metɔ, si ɖo ta anyiehe gome la nu, afisi legbaa ɖe, si dea ŋuʋaʋã Yehowa me la le.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite