Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 32:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Esi Yehowa kpɔ esia la, edo dɔmedzoe, eye wogbe viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Yehowa kpɔ nu si wɔm Israel le; elé fu Israel ŋutɔŋutɔ. Via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo do vloe.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 32:19
18 Referans Kwoze  

Tete Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ la ŋu, eye wònyɔ ŋu eƒe ɖomeuyinu la.


Mi dziƒowo, misee, eye anyigba, ƒu to anyi; elabena Yehowa le nu ƒom bena: Menyi viwo wotsi, eye medo wo ɖe dzi, ke wodze aglã ɖe ŋunye.


Yehowa, se gbenye le ŋdi, medzra ɖo ɖe ŋuwò le ŋdi hele asiwo nu kpɔm.


Eyata Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu, eye wòtsɔ wo de asi na adzowɔlawo woda adzo wo, eye wotsɔ wo dzra na woƒe futɔ, siwo ƒo xlã wo godoo la; eye womegale ŋu nɔ te ɖe woƒe futɔwo nu o.


Ke le esi nèle yɔyrɔe, mèdze dzo o, eye mèfa hã o ŋuti la, matu wò aƒu gbe atso nye nu me.


Metsrɔ̃ lãkplɔvi etɔ̃ ɖa le dzinu ɖeka me; woƒe nu ti kɔ nam, eye nye nu ti kɔ na woawo hã.


Eka kpɔ le eŋu abe le abɔ ŋu ene, eye wògblẽ eƒe takpeƒe. Yehowa na woŋlɔ ŋkekenyuie kple dzudzɔgbe be le Zion, eye wòdo vlo fia kple nunɔla le eƒe dɔmedzoe heliheli me.


Nuka xɔ̃nye veviwo be, yewoawɔ le aƒenye me? Ɖe wobe, yewoawɔ yewoƒe aye tameɖoɖowo dzia? Ne gbedodoɖa kple vɔsalã kɔkɔewo ɖe wò nu vɔ̃ɖi wowɔ ɖa la, ekema akpɔ dzidzɔ.


Mawu see, dzi kui, egbe Israel keŋkeŋ,


Elabena ame vɔ̃ɖi tsoa eƒe dzimedidiwo ƒoa adegbee, eye ŋubiala ɖea Yehowa ɖe aga heɖea alɔme le eŋu.


Maɖo nye nɔƒe ɖe mia dome, eye nyemanyɔ ŋu mi o.


Magbã miaƒe vɔsamlekpuiwo, eye matutu miaƒe ɣelegbawo aƒu anyi, malɔ miaƒe ame kukuwo atrɔ ɖe miaƒe legba gbagbãwo dzi, eye miazu ŋunyɔnu nam.


Ali ke abe ɣleti ene tegbee. Ɖasefo, si le dziŋgɔli me la, enye nyateƒetɔ. Sela.


Eye fia ŋu srafowo ƒe amegã na wokplɔ Yeremya vɛ, eye wògblɔ ne bena: Yehowa, wò Mawu, gblɔ dzɔgbevɔ̃e sia ɖe teƒe sia ŋu.


Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe be: Ale Yehowa, Mawu Zebaot, gblɔ esi: Yakob ƒe dàda le ŋu nyɔm nam, melé fu eƒe fiasãwo, eye matsɔ du la kple eme nuwo ade asi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite