Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 30:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye metrɔ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu, eye mia kple viwòwo mieɖo to eƒe gbe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me, abe alesi mede se na mi ene la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 eye mi kple mia viwo mietrɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, hede asi eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi wɔwɔ me kple dzi blibo kple luʋɔ blibo la,

Gade chapit la Kopi




5 Mose 30:2
27 Referans Kwoze  

ke ne mietrɔ de ŋunye, eye mielé nye sewo me ɖe esi hewɔ wo dzi la, nenyo be, miaƒe amesiwo woɖe aboyoe la, de wòle keke dziƒo ƒe mlɔenu ke hã la, maƒo mia nu ƒu tso afima akplɔ ava teƒe, si metia be, nye ŋkɔ nana afima.


Mina míaɖo míaƒe zɔzɔme a pɔ, míadzro eme akpɔ, eye míatrɔ ɖe Yehowa ŋu!


Ne mieʋu miaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene woatso míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mia ŋuti.


Amenuveve nanɔ anyi kple amesiwo katã lɔ̃a mía Aƒetɔ Yesu Kristo ɖikaɖika la.


Ke ɣesiɣi woatrɔ le woƒe dzi me ava Aƒetɔ la gbɔ la, woaɖe nutsyɔnu la ɖa.


Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.


Emegbe Israel-viwo atrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, kple woƒe fia Dawid; eye woanɔ dzodzom nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyo gbɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu.


ke boŋ ne edo nuxaxa na ame la, egakpɔa nublanui le eƒe amenuveve geɖe la nu.


Miadim, eye miakpɔm, nenye be miebia tanye se tso miaƒe dzi blibo me ko.


Yerusalem, klɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa le wò dzi ŋu, ne woaxɔ na wò. Ɣekaɣi tamesusu vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzi me ase ɖo?


Ke to esiawo katã gbɔ hã nɔvianyɔnu Yuda dzego la metrɔ ɖe ŋunye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu, Yehowa ye gblɔe!


Fɔɖiɖi meganɔ nye dzi ŋu le wò ɖoɖowo me, ne ŋu nakpem o.


Esia me menyae le be, nye nu nyea ŋuwò, ne nye futɔ magatso aseye ɖe ŋunye o.


Nye Mawu, menyae be, wòe dzroa dziwo me kpɔna, eye dzimekɔkɔ nyoa ŋuwò. Nye dzime ko mena nusiawo katã faa; eye azɔ mekpe wò dukɔ, si le afisia kple dzidzɔ, be wona nu wò faa.


Eye dukɔ la kpɔ dzidzɔ le esi wolɔ̃ faa la la, elabena wona nu Yehowa tso dzi blibo me faa; eye fia Dawid hã kpɔ dzidzɔ eteƒe mekɔ o.


eye dzesi alo nukunu, si wògblɔ la, va me, emegbe wògblɔ be, mina miadze mawu bubu, siwo mienyã o yome, eye miasubɔ wo la,


Eyata tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wo Mawu la.


Elabena ne mietrɔ ɖe Yehowa ŋu la, ekema futɔwo akpɔ mia nɔviwo kple mia viwo ƒe nublanui, eye woagatrɔ ava anyigba sia dzi, elabena amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa, mia Mawu la, eye ne mietrɔ ɖe eŋu la, maɖe kɔ ɖa le mia ŋu o.


Woayra amesiwo wɔa eƒe ɖaseɖiɖiwo dzi, amesiwo dinɛ tso dzi blibo me;


Amea ɖe menya nu o Yuda ƒe aƒe la ase vɔ̃, siwo katã meɖo be, mawɔ wo la, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔwo dzi, eye matsɔ woƒe vodadawo kple woƒe nuvɔ̃wo ake wo.


Miaƒe ame sisiwo aɖo ŋku dzinye le dukɔwo dome, afisi woɖe aboyo wo yii, nenye be, megbã woƒe ahasiwɔdzi, si trɔ le yonyeme, kple woƒe ŋku, siwo dze legbawo yome la; eye woanyɔ ŋu na woawo ŋutɔwo ɖokui le woƒe nu vɔ̃ɖi, siwo wotso woƒe ŋunyɔnuwo katã wo la ta;


Emegbe ne woaʋu woawo ŋutɔ kple wo fofowo ƒe vo, si woda hewɔ nuvɔ̃, eye wotsi tre ɖe ŋunye,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite