Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 30:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ne èse Yehowa, wò Mawu ƒe se, siwo mede na wò egbe, eye nèlɔ Yehowa, wò Mawu la, nèzɔ eƒe mɔwo dzi, eye nèle eƒe se, ɖoɖo kple kɔnuwo me ɖe asi la, ekema anɔ agbe, eye adzi ɖe dzi, eye Yehowa, wò Mawu, ayra wò le anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Mede se na mi egbea be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miazɔ le eƒe mɔwo dzi, eye mialé eƒe sewo me ɖe asi, ale be mianɔ agbe, eye miazu dukɔ gã aɖe, ekema Yehowa ayra mi le anyigba si le mia tɔ zu ge la dzi.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 30:16
15 Referans Kwoze  

Eye Yehowa, wò Mawua atso aʋa na mia kple wò dzidzimeviwo ƒe dziwo, bena mialɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me, ne miano agbe.


Amesi si nye seawo le, eye wòlé wo me ɖe asi la, ame ma enye amesi le lɔ̃yem: amesi lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye nye hã malɔ̃e, eye maɖe nyẽ ŋutɔ ɖokuinye afiae.


Eyata tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wo Mawu la.


Aʋatsotso la menye naneke o, eye aʋamatsomatso hã menye naneke o, ke Mawu ƒe sedziwɔwɔ enye nu la.


Azɔ Israel, se dodo kple se, siwo mele mia fia ge la, ne miawɔ wo dzi anɔ agbe, bena miade afima, eye miaxɔ anyigba, si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, le mia na ge la.


Ke ne wò dzi gbugbɔ, eye meɖo to o, eye nena woɖu wò nède ta agu na mawu bubuwo hesubɔ wo la,


Meta dziƒo kple anyigba na mi be: Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe,


Eye Salomo lɔ Yehowa hezɔ le fofoa Dawid ƒe ɖoɖowo nu; ke esa vɔ, eye wòdo dzudzɔ le nuxeƒewo.


Vinye, megaŋlɔ nye nufiame be ti, eye wò dzi nedzra nye sededewo ɖo;


Ne mielɔ̃, eye mieɖo to la, ekema miaɖu anyigba ƒe nu nyuitɔ.


Elabena menye nya gbɔlo wonye na mi o, ke boŋ miaƒe agbee; eye nya sia ana mianɔ agbe didie le anyigba, si dzi mietsɔ Yordan le yiyim, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi.


Eyata mikpɔ nyuie le miaƒe agbe ŋu, ne míala Yehowa, mia Mawu la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite