Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 30:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ne nya siawo katã ava dzo ɖe dziwò, yayra kple fiƒode, tsiwo metsɔ ɖo ŋkuwò me, eye wode dzigbɔ na wò le dukɔ, siwo katã dome Yehowa, wò Mawu, nyã wò ɖo ɖo,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 “Ne nu siawo katã, yayra kple fiƒode siwo mexlẽ na mi va mia dzi, miebu wo ŋuti esi miele dukɔ siwo me Yehowa, miaƒe Mawu la nya mi ɖo ɖa la dome,

Gade chapit la Kopi




5 Mose 30:1
25 Referans Kwoze  

Kpɔ ɖa, metsɔ agbe kple dzɔgbenyuie, ku kple dzɔgbevɔ̃e ɖo ŋkuwò me egbe.


Meta dziƒo kple anyigba na mi be: Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe,


Nusi ɣla enye Yehowa, mía Mawu tɔ, ke nusi le gaglãgbe enye mía kple mia viwo to tegbee, be miawo se sia ƒe nyawo katã dzi.


Ke, esi wòyi eɖokui me la, egblɔ bena: Fofonye ƒe agbatedɔwɔla nenie kpɔ abolo sɔ gbɔ, ke nye la mele tsɔtsrɔ̃m le dɔwuame ta.


Eye ne edze sii, eye wòɖe asi le eƒe dzi, siwo katã wòda ŋu la, anɔ agbe, maku o.


Miɖo ŋu esia, eye mili ɖe nu ɖeka dzi; mi godzelawo, mina wòade dzi gbɔ na mi.


Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome, tso anyigba ƒe go ɖeka vaseɖe go keme, eye àsubɔ mawu bubu, siwo nye ati kple kpe, eye mia kple fofowòwo mienyã o la, le afima.


Yehowa Zebaot be: Ƒome vɔ̃ɖi sia ƒe ame mamlea, siwo katã susɔ ɖe teƒe, siwo katã menyã wo ɖo ɖo la, alɔ̃ ku wu agbe.


Wòe nyãm egbe tso agbledenyigba la dzi; madzo le wò ŋkuta anye tsatsala kple godzela le anyigba dzi, eye ava me bena, amesiame, si akpɔm la, awum.


Elabena, ne ekpa be, ŋusẽ vo le wo ŋu, eye ame tsitsiwo kple ɖeviwo megali o la, adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ, eye wòave eƒe dɔlawo nu


Yehowa be: Dze si wò vodada, elabena èto vo ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu, eye netsa tsa glãla yi mawu tutɔwo gbɔ le ati damawo katã gɔme, eye miegbe nye gbe sese.


Eye mana miakpɔm, Yehowa ye gblɔe. Magaɖo mi te, eye maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã dome kple teƒe, siwo katã menya mi ɖo ɖo, eye makplɔ mi agbo va teƒe, si mena woɖe aboyo mi le, Yehowa ye gblɔe.


Eye Yehowa akplɔ tamedada, ŋkuagbã kple tsukuku aƒu wò,


Eyata Yehowa tsɔ dɔmedzoe, dziku kple aɖa ho wo tso woƒe anyigba dzi heƒu gbe ɖe anyigba bubu dzi, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


ekema nasee le dziƒo, eye natsɔ wò dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃wo ake wo, eye nagakplɔ wo ava anyigba, si nètsɔ na wo fofowo la dzi.


Elabena ne mietrɔ ɖe Yehowa ŋu la, ekema futɔwo akpɔ mia nɔviwo kple mia viwo ƒe nublanui, eye woagatrɔ ava anyigba sia dzi, elabena amenuvela kple nublanuikpɔla enye Yehowa, mia Mawu la, eye ne mietrɔ ɖe eŋu la, maɖe kɔ ɖa le mia ŋu o.


ke ne mietrɔ de ŋunye, eye mielé nye sewo me ɖe esi hewɔ wo dzi la, nenyo be, miaƒe amesiwo woɖe aboyoe la, de wòle keke dziƒo ƒe mlɔenu ke hã la, maƒo mia nu ƒu tso afima akplɔ ava teƒe, si metia be, nye ŋkɔ nana afima.


Miaƒe ame sisiwo aɖo ŋku dzinye le dukɔwo dome, afisi woɖe aboyo wo yii, nenye be, megbã woƒe ahasiwɔdzi, si trɔ le yonyeme, kple woƒe ŋku, siwo dze legbawo yome la; eye woanyɔ ŋu na woawo ŋutɔwo ɖokui le woƒe nu vɔ̃ɖi, siwo wotso woƒe ŋunyɔnuwo katã wo la ta;


Mekaka wo hlẽ ɖe dukɔwo dome, eye woaɖo ŋku dzinye le didi ƒe ke, woawo kple wo viwo atsi agbe, eye woatrɔ agbɔ va aƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite