Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 3:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye mietsrɔ̃ du sia ɖu, ŋutsuwo kple nyɔnuwo kpakple vidziewo, abe alesi mietsrɔ̃ fia Sixon, si nɔ Xesbon la ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Míetsrɔ̃ Basan fiaɖuƒe la keŋkeŋ abe ale si míetsrɔ̃ Fia Sixɔn ƒe fiaɖuƒe le Hesbon ene, eye míewu ameawo katã, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 3:6
12 Referans Kwoze  

Miexɔ eƒe duwo katã le ɣemaɣi me, eye mietsrɔ̃ du sia du, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple vidzĩewo gbidigbidi, eye míena amea ɖeke tsi agbe ahayi sisi ge o.


Mitso míaho atso Arnon-tɔʋu la; kpɔ ɖa, metsɔ Amoritɔwo ƒe fia Sixon, amesi te Xesbon, kple eƒe anyigba de asi na wò! Dze anyigba xɔxɔ gɔme, eye nawɔ aʋa kplii!


Eye Israel-viwo ha aboyonuwo kple lãwo le du siawo me na wo ɖokui, negbe amewo katã ko wowu kple yi, vaseɖe esime wotsrɔ̃ wo vɔ, eye womena nu gbagbe ɖeka hɔ̃ hã kpɔtɔ o.


Eye Yehowa gblɔ nam bena: Megavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dukɔ blibo la kpakple eƒe anyigba ade asi na wò, eye nawɔe, abe alesi nèwɔ Amoritɔwo ƒe fia Sixon, si nɔ Xesbon la ene.


Tete Israel ɖe adzɔgbe na Yehowa gblɔ bena: Ne atsɔ dukɔ sia ade asi nam la, ekema matsrɔ̃ woƒe duwo gbidigbidi.


le esi wòɖu Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Xesbon, kple Og, Basan-fia, si nɔ Astarot dzi, le Edrei megbe.


Du siawo katã sesẽ, wo ŋu gliwo kɔ, eye wode agbo kple gameti wo nu, hekpe ɖe kɔƒe geɖe, siwo ŋu womeɖo gli ɖo o la ŋuti.


Eye esi mieva teƒe sia la, Sixon, Xesbon-fia kple Og, Basan-fia ho aʋa ɖe mia ŋuti, ke miesi wo,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite