Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 3:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe ŋunye le mia ta, eye meɖo tom o; ke boŋ Yehowa gblɔ nam bena: Esɔ gbɔ, megaƒo nu kplim le nya sia ŋuti azɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe ŋunye le miawo ta, eye meɖe mɔ nam be matso tɔsisi la o. Eɖe gbe nam be, “Esɔ gbɔ, mègaƒo nu tso nya sia ŋu azɔ o,

Gade chapit la Kopi




5 Mose 3:26
15 Referans Kwoze  

Eye Yehowa do dɔmedzoe ɖe nye hã ŋunye le mia ta gblɔ bena: Wò hã made afima o.


eye wògblɔ na wo bena: Ƒe alafa ɖeka blave enye si mexɔ egbe sia, nyemate ŋu agado o, eye nyemate ŋu agava me o. Yehowa gblɔ nam bena, nyematso Yordan sia o,


Esia ŋuti meyɔ Aƒetɔ la zi etɔ̃, bene wòadzo le ŋunye.


Eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne ate ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.


Yi, nagblɔ na nye dɔla Dawid be: Ale Yehowa gblɔ esi: Menye wòe atu xɔ nam manɔ me o;


Eye Yehowa gblɔ nɛ bena: Esia nye anyigba, si ŋu meka atam ɖo hedo ŋugbe na Abraham, Isak kple Yakob bena, matsɔe na woƒe dzidzimeviwo. Mena nèkpɔe kple wò ŋkuwo, ke made afima akpɔ o.


Ke Yesu xɔ edzi gblɔ bena: Mienya nusi biam miele o. Alo miate ŋu ano kplu, si no ge malaa? Eye mawutsi, si woade ta nam la, wòadee ta na miawo hã mahã? Wogblɔ nɛ bena: Miate ŋui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite