Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 3:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 hekpe ɖe tagba la kple Yordan ŋu, si enye liƒo tso Kineret vaseɖe tagbaƒu, si enye Dzeƒu la nu, le Pisga ƒe aganu le ɣedzeƒe gome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Woxɔ Araba gbegbe si Yɔdan tɔsisi la do liƒo na le ɣetoɖoƒe, tso Kineret va se ɖe Pisga kple Dzeƒu la, si wogayɔna be Araba ƒu la ŋu.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 3:17
16 Referans Kwoze  

tso gbadzaƒe heyi Kinerot-ƒu la nu le ɣedzeƒe heva tagbaƒu, si nye Dzeƒu la nu, le ɣedzeƒe heɖo ta Bet-Yesimot, vaseɖe Pisga ƒe aga nu le dziehe.


Nenem me siawo katã bla nu va Sidim-gbadzaƒe, afisi Dzeƒu le azɔ.


tete dzigbe gome tsi la mli kɔ ɖe kekeke Adam, du, si le Zaretan kasa la gbɔ, eye tsi, si sina yina ɖe tagbaƒu, si nye Dzeƒu me la, mie ƒiaƒiaƒia, eye dukɔ la ɖi go ɖe Yerixo kasa.


kpakple tagba blibo, si le Yordan ƒe go keme dzi, le ɣedzeƒe gome vaseɖe tagbaƒu la gbɔ, le Pisga ƒe aganu.


Eye liƒo la va to Bet-Xogla-to da ŋu le anyiehe heva wu nu ɖe adɔ la nu le Dzeƒu la ƒe anyiehe, le Yordan ƒe dziehe mlɔeanu; esia nye dzieheliƒo la.


Ɣedzeƒeliƒo tso Dzeƒu la nu vaseɖe Yordan nu, eye anyieheliƒo tso adɔ̃, si le Yordan ƒe mlɔenu la nu


Woƒe dzieheliƒo tso Dzeƒu la ƒe mlɔenu, afisi ƒu la wɔ adɔ̃ nyẽ kpo ɖe dziehe gome le,


Bel-Haram, Bet-Nimra, Sukot kple Zafon, siwo le bali la me, woawo nye Sixon, Xesbon-fia, ƒe fiaɖuƒe kpɔtɔea, Yordan kple eŋu nyigba, vaseɖe Kineret-ta ƒe mlɔenu, le Yordan ƒe go keme dzi le ɣedzeƒe gome.


Eye wòkplɔe yi ɖe Pisga-to tame, afisi gbetasrãlawo nɔna, eye wòɖi vɔsamlekpui adre hetsɔ nyitsu ɖekaɖeka kple agbo ɖekaɖeka sa vo le vɔsamlekpuia ɖesiaɖe dzi.


Tete Lot tsa ŋku Yordan-nutowo katã me, eye wòkpɔ bena, tsi li ŋutɔ, elabena Yehowa metsrɔ̃ Sodom kple Gomora haɖe o, ele abe Yehowa ƒe abɔ me ene, eɖi Egipte-nyigba vaseɖe Zoar ke.


Eye wòva ve me, esi ameha la mimii ɖo, be wòase mawunya la bena, ye ŋutɔ le tsitre ɖe Genezaret-ta la nu;


Du sesẽwo nye: Zidim, Zer, Xamat, Rakat, Kineret,


Egbugbɔ Israel ƒe liƒowo xɔ tso Xamat nutowo me vaseɖe tagbaƒu la nu, abe alesi Yehowa. Israel ƒe Mawu la gblɔ to eƒe dɔla, nyagblɔɖila Yona, Amitai vi, tso Gat-Xefer dzi la ene.


Tete wògblɔ nam bena: Tsi sia si to ɣedzeƒe nutowo me, esi to tagba heɖade nu atsiaƒu, si nye Dzeƒu la me, eye eƒe tsi atrɔ zu tsi nyui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite