Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 3:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Manase vi Yair xɔ Argob-nyigba blibo la vaseɖe Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo ƒe liƒo dzi, eye wòna ŋkɔ Basan ɖe eƒe ŋkɔ ŋu bena Yair-kɔƒewo va do egbee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Manase ƒe hlɔ̃ si woyɔna be Yair la xɔ Argob nuto me blibo la, si nye Basan va se ɖe Gesuritɔwo kple Makatitɔwo ƒe liƒowo dzi. Wotsɔ woawo ŋutɔwo ƒe ŋkɔ na anyigba la be Havɔt Yair si gɔmee nye “Yair ƒe Kɔƒewo” abe ale si wogayɔa wo egbegbe ene.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 3:14
14 Referans Kwoze  

Eye Manase vi Yair yi ɖaxɔ woƒe kɔƒewo, eye wòna ŋkɔ wo be Yair-kɔƒewo.


Ke Absalom si yi Gesur-fia Talmai, Amihud vi gbɔ. Eye Dawid fa na via ɣeyiɣi blibo la.


Ke esi Amon-viwo kpo be, yewozu Dawid ƒe ketɔwo la, Amon-viwo dɔ woɖatsɔ aʋa Aramtɔwo le Bet-Rexob kple Aramtɔwo le Zoba, wole afɔzɔla akpe blave, kple Maaxa-fia ame akpe ɖeka kpakple Istobtɔwo ame akpe wuieve.


Evia evelia nye Xileab, si nye Karmeltɔ, Nabal srɔ̃ Abigail tɔ; etɔ̃lia nye Absalom, si nye Gesur-fia, Talmai ƒe vinyɔnu Maaxa ƒe vi.


Ke Israel-viwo menyã Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo o, eyata Gesur kple Maaxat tsi Israel dome vaseɖe egbe.


Miexɔ eƒe duwo katã le ɣemaɣi me, eye dua ɖeke mesusɔ, si miexɔ le esi o; ɖu blaade, siwo le Argob-nyigba blibo la dzi, si enye Og, Basan-fia ƒe fiaɖuƒe.


eye metso Gilead ƒe akpa mlɔea kple Basan blibo la, si enye Og ƒe fiaɖuƒe hekpe ɖe Argob-nyigba blibo la ŋu, na Manase ƒe to afã; woyɔa Basan blibo la bena ame dzɔtsuwo ƒe anyigba.


amesi ƒe dziɖuƒe nye Xermon-to, Salxa kple Basan blibo la, vaseɖe Gesuritɔwo kple Maaxati-tɔwo ƒe liƒo ŋu kple Gilead afã heva ke ɖe Sixon, Xesbon-fia, ƒe anyigba ŋu.


Tete Yoab dze mɔ yi Gesur, eye wòkplɔ Absalom va Yerusalem.


Kpao, ke boŋ akpɔe be, nunyalawo kuna, bometsilawo kple abunetɔwo nu yina, eye wogblẽa woƒe nuwo ɖi na ame bubuwo.


woawo kple woƒe amehawo va Gedalya gbɔ le Mizpa: Ismael, Netanya vi, Yoxanan kple Yonatan, Kareax viwo, Seraya, Tanxumet vi, kple Netofatitɔ Efai viwo kpakple Yezanya, Maaxatitɔ la vi.


eye Ira, Yairitɔ, hã enye nunɔla le Dawid gbɔ.


Elifelet, Maaxati vi Ahasbai ƒe vi, Edom, Gilonitɔ, Axitofel ƒe vi,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite