Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 3:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 eye metso Gilead ƒe akpa mlɔea kple Basan blibo la, si enye Og ƒe fiaɖuƒe hekpe ɖe Argob-nyigba blibo la ŋu, na Manase ƒe to afã; woyɔa Basan blibo la bena ame dzɔtsuwo ƒe anyigba.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Manase ƒe viwo xɔ Gilead ƒe akpa mamlɛtɔ kple teƒe si Fia Ɔg ƒe fiaɖuƒe nɔ le Argob nuto me. Woyɔa Basan ɣe aɖewo ɣi be, “Refaim ƒe Anyigba.”

Gade chapit la Kopi




5 Mose 3:13
10 Referans Kwoze  

Le ƒe wuienelia me Kedorlaomer kple fia, siwo kpe ɖe eŋuti la, va si Refaitɔwo le Astarot-Kamayim, Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Kiryatayim-gbadzaƒe


Miexɔ eƒe duwo katã le ɣemaɣi me, eye dua ɖeke mesusɔ, si miexɔ le esi o; ɖu blaade, siwo le Argob-nyigba blibo la dzi, si enye Og, Basan-fia ƒe fiaɖuƒe.


Eye míexɔ anyigba sia le ɣemaɣi me tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu. Eye metso Gilead-towo ƒe akpa afã na Ruben-viwo kple Gad-viwo;


Manase vi Yair xɔ Argob-nyigba blibo la vaseɖe Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo ƒe liƒo dzi, eye wòna ŋkɔ Basan ɖe eƒe ŋkɔ ŋu bena Yair-kɔƒewo va do egbee.


Eyata milé nubabla sia ƒe nyawo me ɖe asi, eye miwo wo dzi, bena nusianu, si miawɔ la, nadze dzi na mi.


eye miexɔ woƒe anyigba hetsɔ na Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-viwo ƒe to afã, bena wòanye woƒe domenyinu.


tso Yordan nu ɖota ɣedzeƒe. Gilead-nyigba blibo la, si nye Gad, Ruben kple Manase tɔ, tso Aroer, si le Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Gilead kple Basan.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite