Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 3:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Og, Basan-fia, enye ame dzɔtsu mlɔetɔ, si kpɔtɔ ɖi; eƒe gabati, si le Amon-viwo ƒe du Rabat me la, didi ŋutsu ƒe abɔklugui asieke, eye wòkeke abɔklugui ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 (Ɔg, Basan fiae nye ame dzɔtsu, Refaimtɔwo ƒe mamlɛtɔ. Wotsɔ eƒe gabati dzra ɖo ɖe nuwo dzraɖoƒe le Raba, si nye Amonitɔwo ƒe duwo dometɔ ɖeka me. Gabati sia didi afɔ wuietɔ̃ kple afã, eye wòkeke afɔ ade.)

Gade chapit la Kopi




5 Mose 3:11
15 Referans Kwoze  

Le ƒe wuienelia me Kedorlaomer kple fia, siwo kpe ɖe eŋuti la, va si Refaitɔwo le Astarot-Kamayim, Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Kiryatayim-gbadzaƒe


Eyata Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mana aʋaɣli naɖi ɖe Amon-viwo ƒe Raba ŋu, be woazu anyiglãgo, woatɔ dzo eŋu duwo, eye Israel agaxɔ eƒe domenyinu, Yehowa ye gblɔe.


Eye Yoab wo aʋa kple Amon-viwo ƒe Raba, eye wòxɔ fiadu la.


Evɔ wònye metsrɔ̃ Amoritɔwo le wo ŋgɔ, amesiwo dzo atsu, abe alesi sederti kɔe ene, eye wosesẽ abe sesewu ene hafi; metsrɔ̃ woƒe tsetsea dzi me kple woƒe ke le to me.


Eyata mado dzo ɖe Raba ƒe gliwo ŋu, ne wòafiã woƒe fiasãwo, ne ɣli ɖi le aʋakpegbe, eye ya tso ʋuɖuʋudu le ahomtugbe.


Mena yi le dzo dam le miaƒe agbowo katã nu, ne dzi nalólo gbanaa, eye ame tsiaʋawo nasɔ gbɔ; ɖe wowɔe, be woada dzo, eye de wonyree de amewuwu ŋu.


Esi ƒe trɔ, eye fiawo ƒe aʋahoɣi do edzi la, Dawid dɔ Yoab kple eƒe dɔlawo kpakple Israel blibo la, eye wotsrɔ̃ Amon-viwo heɖe to ɖe Raba; ke Dawid tsi Yerusalem.


Tete ame dzɔtsua ɖe ɖo tso Filistitɔwo ƒe asaɖa la me, eŋkɔ nye Goliat, amesi tso Gat; ekɔ abɔklugui ade kple asi ɖeka.


Wobua eya hã abe ame dzɔtsuwo ƒe anyigba ene, elabena ame dzɔtsuwo nɔ edzi tsã, eye Amonitɔwo yɔ wo bena Samsumitɔwo;


Wobu woawo hã ɖe ame dzɔtsuwo me abe Enakitɔwo ene, eye Moabitɔwo yɔ wo be Emitɔwo.


Eye wodzidze du la wòle abɔklugui alafa ɖeka kple blane vɔ ene le amewo ƒe dzidzenu, si le mawudɔla si la nu.


Hekpe ɖe Og, Basan-fia, amesi nye ame dzɔtsu mlɔea, si nɔ Astarot kple Edrei ƒe anyigba ŋu,


Og, Basan-fia, si ɖu fia le Astarot kple Edrei la, ƒe fiaɖuƒe blibo la: eya nye ame dzɔtsu mlɔetɔ, si kpɔtɔ ɖi, eye Mose ɖu wo dzi henyã wo.


Mana Raba nazu kposɔwo ƒe gbeɖuƒe, eye Amon-viwo ƒe anyigba nazu akɔtsyɔƒe na alẽwo; eye miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Eye ale nawɔe enye si; Aɖakaʋu la ƒe didime nanye abɔklugui alafa etɔ̃, eƒe kekeme nanye abɔklugui blaatɔ̃, eye eƒe kɔkɔme nanye abɔklugui blaetɔ̃.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite