Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 28:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ne èlé Yehowa, wò Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye nèzɔ eƒe mɔwo dzi la, ekema Yehowa aɖo wò nanye eƒe dukɔ kɔkɔe, abe alesi wòka atam na wò ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 “Yehowa wò Mawu atrɔ wò nàzu dukɔ kɔkɔe na eɖokui abe ale si wòdo ŋugbe be yeawɔ ne ànya wɔ ɖe yeƒe sewo dzi, eye nàzɔ le yeƒe mɔwo dzi la ko ene.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 28:9
17 Referans Kwoze  

Elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa, wò Mawu la; Yehowa, wò Mawu, tia wò tso dukɔwo katã dome le anyigba dzi, bena nanye eya ŋutɔ ƒe dukɔ.


Ke amenuveve katã ƒe Mawu, amesi yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo Yesu me la, ŋutɔ awɔ mi amesiwo kpe fu via ɖe ko la blibo, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mía gɔme anyi.


Eye mialɔ aboyonuawo katã ava kɔ ɖe ablɔ me, eye miatɔ dzo du la kple aboyonuawo katã abe vɔsa blibo ene na Yehowa, mia Mawu la, ale be wòatrɔ zu aƒedo ɖikaɖika, eye womagagbugbɔe atso akpɔ o.


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


Woayɔ wo be: „dukɔ kɔkɔe“, „Yehowa ƒe amesiwo woɖe“, ke wò la, woayɔ wò be „du, si ƒe nya wodina“, „du, si womagblẽ ɖi o.“


ne mawɔ atam, si meka na mia fofowo be, matsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na wo la dzi, abe alesi wòzu egbeawo ene. Eye meɖo ŋu gblɔ bena: Yehowa, neva me!


Magaɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na wò abe tsã ene, kple adaŋudelawo na wò abe le gɔmedzedzea me ene. Esia megbe woayɔ wò be dzɔdzɔenyenye ƒe du, du wɔnuteƒe.


Ke woagblɔ le Zion ŋu be: Eya me wodzi amesiame ɖo, eye eya dziƒoʋitɔ la li kee.


Ke nuteƒewɔla enye Aƒetɔ la, amesi ado ŋusẽ mi, eye wòadzra mi ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me.


ke boŋ esi Yehowa lɔ̃ mi, eye wòwɔ eƒe atam, si wòka na mia fofowo dzi ta Yehowa tsɔ asi sesẽ kplɔ mi tso kluvinyenyeƒe me, eye wòɖe mi tso Farao, Egipte-fia si me.


Eye maɖo nye nubabla anyi le mía kpli wò kple megbewòviwo katã dome, eye wòanye nubabla mavɔ, bena manye wò ŋutɔ kple megbewòviwo ƒe Mawu tegbee.


gblɔ bena: Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèwɔ nusi nyoa eŋu, lé to ɖe eƒe seawo ŋu, eye nèwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi la, ekema nyemate fukpekpe, siwo katã mena wova Egiptetɔwo dzi la, ava dziwò o; elabena nye Yehowa enye wò dɔyɔla.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite