Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 28:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Yehowa ana yayra nanɔ wò ava kple nusiwo katã netsɔ asi wɔ ɖɔ kpɔ la dzi, eye woayra wò le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Yehowa ayra wò kple nuku nyuiwo kple nyi siwo ƒe lãme nyo. Ana nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 28:8
22 Referans Kwoze  

ke boŋ nae faa, eye megave wò, bena nènae o, elabena esia ta Yehowa, wò Mawu, yra wò le wò dɔwɔwɔwo katã kple nusiwo nèwɔ dɔ kpɔ la me.


Mianɔ agblemenu xoxoawo ɖum, eye ne yeyea ɖo aƒe la, ekema ɖeko miaɖe xoxoawo ɖa.


Ele abe Xermon-zãmu, si le tsyɔtsyɔm ɖe Zion-towo dzi la ene; elabena gama Yehowa ɖo yayra kple agbee tegbee.


Eye wògblɔ bena: Esia mawɔ: mamũ nye avawo, eye matu gatɔwo, eye afima maƒo nye nukuwo kple nye nu nyuiwo nu ƒu ɖo.


Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa, womeƒãa nu o, womeŋea nu hã o, eye womeƒoa nuwo ƒu ɖe avawo me hã o, ke mia Fofo, si le dziƒo la, nyia wo. Alo ɖe mia tɔ mevena wua woawo to o mahã?


Le wò tsiwo ƒe kɔkɔɖanyi bababa me la tɔɖɔɖɔ yɔ tɔɖɔɖɔ; wò tsi kpakawo kple tsitsotsoewo ŋe ɖe dzinye.


mayra ɖe mia dzi le ƒe adelia me ale gbegbe be, miaƒe agblemenuwo nade ƒe etɔ̃ nu.


De nukuwo tsi ava mea, eye ɖe wein kple gboti, yevuboɖati kple amiti wogbe tsetsea? Made yayra aƒe tso ŋkeke ma dzi.


ne míaƒe nudzraɖoƒewo nayɔ kpaŋ ahaɖe nuwo tsyo ƒomevi anɔ nanam; míaƒe alẽwo nadzi akpe, eye woadzi ɖe dzi akpe nane le míaƒe lãnyiƒewo;


Eɖo ŋu bena: Esi Yehowa mele xɔxɔm na wò o la, afika nyea mato axɔ na wò? Lugbɔƒe loo alo weinfiãƒea?


Mina wo kpakple eve la katã natsi vaseɖe nuŋeɣi, eye ne nuŋeɣia ɖo la, magblɔ na nuŋelawo bena: Miƒo gbe wuwluiawo nu ƒu gbã, eye mibla wo tatata, bena woatɔ dzo wo; ke lu la, miƒo eya nu ƒu ɖe nye ava la me.


Elabena menye woawo ŋutɔ ƒe yi wotsɔ xɔ anyigba lae o, eye menye woawo ŋutɔ ƒe alɔe xɔ na wo o; ke boŋ wò nuɖusi kple wò alɔ kpakple wò ŋku me ƒe kekelie, elabena woƒe nu nyo ŋuwò.


Ke ame dahe koe mana dowòme hafi o, elabena Yehowa le yra wò ge le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye tewò la dzi;


Yehowa, wò Mawu, asiwò futɔ, siwo ho aʋa ɖe ŋuwò la, le ŋgɔwò; mɔ ɖeka dzi woato aho ɖe ŋuwò, ke mɔ adre dzi woato asi le nuwo.


Yehowa ana fiƒode, ʋunyaʋunya kple dzɔgbevɔ̃e nava wò nusiwo katã netsɔ wò asi wɔ dɔ kpɔ la dzi, vaseɖe esime naku atsrɔ̃ avɔ xoxoxo, le nu vɔ̃ɖi, siwo nèwɔ, eye negblẽm ɖi la ta.


hena Lewitɔwo — elabena womexɔ gome alo domenyinua ɖeke kpe ɖe ŋuwò o — kple amedzro, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, amesiwo le wò du me la, nakpɔ nu aɖu aɖi ƒo, ne Yehowa, wò Mawu, nayra wò le wò asinudɔ, siwo katã nèwɔna la me.


Eyama ɖi ati, si woɖo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wówɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!


Aɖu wò ŋutɔ asiwò me nu; woayra wo, tɔwò me nyo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite