Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 28:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye Yehowa ana wò kesinɔnuwo kple wò dɔmevi, wò lãwo ƒe viwo kple wò agblemenukuwo nasɔ gbɔ ɖe dzi le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 “Yehowa ana nu nyuiwo wò le anyigba la dzi ale be viwòwo, wò lãwo kple wò agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu abe ale si wòdo ŋugbe ene.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 28:11
10 Referans Kwoze  

Eye Yehowa, wò Mawu, ana nusiwo katã newɔna, wò dɔmeviwo, wò lãwo ƒe viwo kple wò agblemenuwo kpakple wò kesinɔnuwo nasɔ gbɔ ɖe dzi; eye Yehowa agakpɔ dzidzɔ le ŋuwò, eye wòawɔ nyuie na wò, abe alesi wòkpɔ dzidzɔ le fofowòwo ŋu ene.


Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee.


Woayra wò dɔmevi, wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, kpakple wò nyinɔwo kple wò alẽnɔwo.


Matrɔ ɖe mia ŋu, eye mana míadzi asɔ gbɔ, eye mawɔ nu, si mebia kpli mi la dzi.


Yehowa ka nyateƒetam na Dawid, eye matrɔe o be: Wò alimevi matsɔ aɖo wò fiazikpui dzi.


Nye nume le ʋeʋẽm ɖe srɔ̃nye, eye mele ya ɖem ɖe nye alimeviwo.


Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba, si le mia ŋku me la na mi, miyi, ne miaxɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo Abraham, Isak kple Yakob be, yeatsɔe na woa kple wo megbe-viwo.


eye wòalɔ̃ wò, ayra wò, eye wòana nadzi ɖe dzi, ayra wò dɔmevi kple wò anyigba dzi nukuwo, wò bli, wò wein kple wò ami, wò nyinɔ kple wò alẽnɔ, le anyigba, si ŋu wòka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò la dzi.


Eyra wo, eye wodzi ɖe dzi ŋutɔ, eye meke woƒe lãwo dzi ɖe o.


Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite