Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 27:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 eye amesiwo atsi tre ɖe Ebal-to dzi aƒo fi ade ame, wonye: Ruben, Gad, Aser, Zebulon, Dan kple Naftali.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 eye Ruben, Gad, Aser, Zebulon, Dan, Naftali ƒe dzidzimeviwo atsi tsitre ɖe Ebal to la dzi aƒo fi ade ameawo.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 27:13
9 Referans Kwoze  

Ne mietso Yordan la, ekema mitsɔ kpe siawo, siwo ŋu mede se na mi le egbea la, tu de Ebal-to dzi, eye miasi akalo na wo.


Eye Israel blibo la, woƒe ame tsitsiwo kple dzikpɔlawo kpakple ʋɔnudrɔ̃lawo, amedzrowo kple dumeviwo siaa tsi tre de aɖaka la ƒe axawo kple eve dzi hedze ŋgɔ nunɔla, siwo nye Lewitɔwo, amesiwo le Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔm, akpa afã dze ŋgɔ Gerizim-to, eye akpa afã dze ŋgɔ Ebal-to, abe alesi Yehowa ƒe dɔla Mose de se be, woatre Israel-dukɔ la yayra gbã ene.


Ne Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò va anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwò dzi la, ekema natsɔ Gerizĩm awɔ yayrato, eye natsɔ Ebal awɔ fiƒodetoe.


Tete Lea gblɔ bena Mawu na nu nyuia ɖem, azɔ srɔ̃nye abum, elabena medzi ŋutsuvi ade nɛ. Eyata wòna ŋkɔe be Zebulon.


Eye Lea fɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Ruben; elabena egblɔ be: Yehowa kpɔ nye nublanui, azɔ srɔ̃nye alɔ̃m.


Amesiwo atsi tre ɖe Gerizim-to dzi ayra dukɔ la, ne mietso Yordan la, wonye: Simeon, Lewi, Yuda, Isaxar, Yosef kple Benyamin,


Eye Lewitɔwo nakɔ gbe dzi agblɔ na Israel blibo la bena:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite