Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 26:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 eye Yehowa tsa asi sesẽ kple abɔ, si wodo de dzi, nu dzɔtsuwo, dzesiwo kple nukunuwo kplɔ mi tso Egipte,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Etsɔ nukunu gãwo kple asi sesẽ ɖe mí tso Egipte. Esi wòwɔ nukunu gã dziŋɔwo le Egiptetɔwo ŋkume la,

Gade chapit la Kopi




5 Mose 26:8
15 Referans Kwoze  

Alo ɖe mawua ɖe te kpɔ be, yeava atsɔ ŋusẽ-nuwɔwɔwo kple dzesiwo, nukunuwo kple aʋawɔwɔ, asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, kpakple nu klitsuwo aɖe dukɔ le dukɔwo dome na eɖokui, abe alesi Yehowa, mia Mawu, wɔ na mi le Egipte miekpɔ enea?


Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte-nyigba dzi kpɔ, eye Yehowa, wò Mawu, tso asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, kplɔ wò tso afima; eyata Yehowa, wò Mawu, de se na wò be, nadzra dzudzɔgbe la ɖo.


Tete Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miɖo ŋku ŋkeke sia, si dzi mieʋu tso Egipte, afisi míenye kluviwo le la dzi; elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso afima Eyata migaɖu abolo ʋaʋãa ɖeke o!


Gbemagbe Yehowa kplɔ Israel-viwo ƒe amehawo tso Egipte-nyigba dzi.


Eye le ƒe alafa ene blaetɔ̃ megbe, le ŋkeke ma dzi tututu Yehowa ƒe amehawo katã ʋu tso Egipte-nyigba la dzi.


Eye Israel-viwo ʋu tso Ramses va Sukot; ŋutsu, siwo katã zɔ afɔ, anɔ ame akpe alafa ade, ɖeviwo mele eme o.


Amesi na eƒe atsyɔ̃dabɔ to Mose ƒe nuɖusi dzi, eye wòmã tsi la me ɖe eve le wo ŋgɔ, be wòaɖe ŋkɔ mava eɖokui ŋu?


Eyata gblɔ na Israel-viwo bena: Nyee nye Yehowa! Makplɔ mí le dɔ sesẽ, si wɔm miele na Egiptetɔwo la nu, eye mana miavo atso miaƒe kluvidɔ la me, eye mado nye alɔ ɖa atsɔ ŋusẽ gã aɖe mi.


amesi Yehowa ɖɔ ɖe Egipte-nyigba dzi, be wòawɔ dzesiwo kple nukunuwo ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã kpakple eƒe anyigba blibo la ŋu;


hekpe ɖe ŋusẽnu kple nu tsu dziŋɔ, siwo katã Mose wɔ le Israel blibo la ŋku me ŋuti.


etso dzesiwo kple nukunuwo, asi sesẽ kple alɔ, si le dzi, kpakple ŋɔdzi gã kplɔ wò dukɔ tso Egipte-nyigba dzi,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite