Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 26:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye nayi nunɔla, si le ɣemaɣi la gbɔ agblɔ nɛ bena Mele eme ʋum na Yehowa, wò Mawu la, egbea be: Meva anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo be, yeatsɔe na mí la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Tsɔe de kusi me yi na nunɔla si le dɔ wɔm ɣe ma ɣi, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Nunana siae nye nye emeʋuʋu ƒe dzesi be, Yehowa, nye Mawu kplɔm va ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na tɔgbuinyewo la dzi.’

Gade chapit la Kopi




5 Mose 26:3
13 Referans Kwoze  

eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.


Eyata mina miato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.


eye esi nunɔlagã, si le Mawu ƒe aƒe nu la, le mia si ŋuti la,


Elabena nunɔlagã sia tɔgbe hiã míawo hã: Amesi nye kɔkɔetɔ, ame maɖifɔ, ame maƒoɖi, amesi ɖe eɖokui ɖa tso nuvɔ̃wɔlawo dome, eye wokɔe ɖe dzi wu dziƒowo,


ekema ŋutsu eve, siwo dome dzrea dzɔ ɖo la, nava nunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo, amesiwo li le ɣemaɣi la, gbo le Yehowa ŋku me.


Nye amedzro le anyigba sia dzi, eye manɔ anyi kpli wò, eye mayra wò. Elabena matsɔ anyigba blibo la katã ana mia kple wò dzidzimeviwo, eye mawɔ atam, si meka na fofowò Abraham la dzi.


Eye matsɔ Kanaan-nyigba blibo la katã, si dzi nènye amedzro le la, na wò, be wòanye wò ŋutɔ kple megbewòviwo tɔ tegbee, eye manye Mawu na wo.


ekema tso wò agblemenu ɖesiaɖe ƒe ŋgɔgbea, si nèkpɔ le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ade kusi me, atso yi teƒe, si Yehowa, wò Mawu, le tiatia ge, be yeƒe ŋkɔ nana,


Emegbe nunɔla naxɔ kusi la le asiwò atsɔ ɖa ɖe Yehowa, wò Mawu, ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ.


Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba, si le mia ŋku me la na mi, miyi, ne miaxɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo Abraham, Isak kple Yakob be, yeatsɔe na woa kple wo megbe-viwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite