Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 26:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Egbe sia Yehowa, wò Mawu, le se dem na wò be, nawɔ ɖoɖo kple se siawo dzi: eyata lé wo me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 “Ele be nàwɔ se kple ɖoɖo siwo katã Yehowa, wò Mawu la le nàwom egbe la dzi kple dzi wò blibo.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 26:16
17 Referans Kwoze  

Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi.


Esiawo nye ɖoɖo kple se, siwo me míalé ɖe asi, eye miawo wo dzi ŋkeke alesi miele anyigba, si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, na mi, be wòanye mia to la dzi.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Eyata miwo se, siwo katã mede na mi egbe la dzi, bena ŋusẽ nana mia ŋu, eye miayi aɖaxɔ anyigba, si dzi yim miele, be miaxɔ la wòanye mia to,


Eyata lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nawɔ eƒe nufiamewo kple ɖoɖowo, kɔnuwo kple sewo dzi ɣesiaɣi.


Ɖo ŋku mɔ blibo la dzi, esi dzi Yehowa, wò Mawu, kplɔ wò toe le gbedzi ƒe blane sɔŋ, bena yeabɔbɔ wò ɖe anyi, ne yeado wò akpɔ, bena yeanya nusi le wò dzi me, be awɔ eƒe seawo dzi loo, alo mawo wo dzi o.


ke boŋ miwo Yehowa, mia Mawu, ƒe sewo, eƒe ɖaseɖiɖiwo kple ɖoɖowo, siwo wògblɔ na mi la dzi.


Eyata tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wo Mawu la.


Esia nye se kple ɖoɖo kpakple kɔnu, siwo Yehowa, mia Mawu gblɔ, bena woafia mi, ne miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi yim miele, bena míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi,


Ne miedi Yehowa, mia Mawu, le afima la, míakpɔe, nenye be, miedi eyome mɔ tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me ko.


Eka de dzi na Yehowa egbea bena, eya nye yeƒe Mawu, eye yeazɔ eƒe mowo dzi, yealé eƒe ɖoɖowo, sewo kple kɔnuwo me de asi, eye yeado to eƒe gbe.


Eyata Israel, Yehowa, wò Mawu la, mele naneke dim tso asiwò o, negbe esia ko be, nava Yehowa, wò Mawu la, eye nazɔ eƒe mɔwo katã dzi, nalɔ̃e, eye nasubɔ Yehowa, wò Mawu la, tso wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo me;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite