Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 26:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ne eva anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu dzi, eye nèxɔe hetso aƒe ɖe edzi la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 “Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi, eye nèxɔe hele edzi la,

Gade chapit la Kopi




5 Mose 26:1
14 Referans Kwoze  

Ne eva anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi, eye nèxɔe wònye tɔwo nètso aƒe ɖe edzi, emegbe dagblɔ bena: Maɖo fia ɖe ɖokuinye nu abe dukɔ, siwo katã ƒo xlãm ene la,


Ne èyi anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ekema megasrɔ̃ dukɔ mawo ƒe ŋunyɔnuwo nawɔ o.


ekema megalɔ̃ edzi nɛ o, eye megado toe o, eye megave enu ahaɣlae o;


Milé nusiwo katã ŋuti mede se na mi le la me ɖe asi, eye miwo wo dzi; migatsɔ ɖeke kpee o, eye migaɖe ɖeke le edzi o.


Ne Yehowa, wò Mawu, akplɔ wò ava anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwo la dzi, eye wòanya dukɔ geɖewo ɖa le ŋgɔwò: Xititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo, dukɔ adre, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò,


Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne mieva anyigba, si dzi mele mia kplɔ ge ayii la dzi,


Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne miava anyigba, si matsɔ na mi mianɔ edzi la dzi,


Ne Yehowa, wò Mawu, na nèkpɔ gbɔdzɔe tso wò futɔ, siwo katã ƒo xlã wò si me le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu dzi la, ekema tsrɔ̃ Amalek ŋkɔ da le dziƒoa te. Megaŋlɔe be o!


ekema tso wò agblemenu ɖesiaɖe ƒe ŋgɔgbea, si nèkpɔ le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ade kusi me, atso yi teƒe, si Yehowa, wò Mawu, le tiatia ge, be yeƒe ŋkɔ nana,


Eye Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe ŋunye ka atam bena, nyematso Yordan ayi anyigba nyui, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge, wòanye wò domenyinu la dzi o;


Nata mɔ ayi afima, eye namã wò anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la, ɖe akpa etɔ̃ me, eye amewula nasi ayi afima.


ne womagakɔ ame maɖifɔa ɖeke ƒe ʋu ɖe wò anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la dzi, eye naɖe hlɔ̃fe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite