Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 24:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Kpɔ ɖokuiwò dzi le anyidɔwo ŋu, eye nale nusiwo katã nunɔla, amesiwo nye Lewitɔwo, afia wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi pɛpɛpɛ. Lé nusiwo ŋu mede se le na wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 “Ele be nàkpɔ egbɔ be wowɔ nunɔlawo ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ le anyidzedɔ, dɔdzĩ kple kpodɔ gome, elabena mede se siwo dzi miawɔ ɖo nyaɖenyanui la na nunɔlawo.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 24:8
11 Referans Kwoze  

Esia nye se na anyidzela, ne wole eŋu ko ge. Woakplɔe ava nunɔla gbɔe,


Eye esi wòkpɔ wo la, egblɔ na wo bena: Miheyi ɖatsɔ mia dokui tia nunɔlawo. Eye wòva ve me, esi woyina la, wo ŋuti kɔ.


Eye wòde se nɛ be: Megagblɔe na amea ɖeke o, ke boŋ heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia nunɔla, eye namè nu le wò ŋutikɔklɔ la ŋuti, ɖe alesi Mose de se la nu, wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


eye wògblẽ nɛ bena: Kpɔ nyuie! Megagblɔ naneke na amea ɖeke o; ke heyi natsɔ ɖokuiwò afia mawununɔla boŋ, eye na nusiwo ŋuti Mose de se ɖo la, le wò ŋutikɔklɔ la ŋuti, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, megagblɔe na amea ɖeke o; ke heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia mawununɔla boŋ, eye natsɔ nunana, si Mose ɖo anyi la, ana, ne wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Ke ne egaɖo awu alo avɔ, nu hlɔ̃ alo nusi wotsɔ lãgbalẽ wɔe me la, ekema anyie, ele be, woatɔ dzo nusi ŋu wòle.


eye amesi asa numevɔ, atɔ dzo nuɖuvɔ, eye wòasa akpedavɔ le ŋkunye me ɣesiaɣi la, mave le nunɔla, siwo nye Lewi-viwo dome gbeɖe o.


Eye nunɔla la natsɔ fɔɖivɔsalã ƒe ʋu ƒe ɖe asisi ɖe amesi ŋu kɔm wole la ƒe ɖusitogboe, ɖusidegblefetsu kple ɖusifɔdegblefetsu ŋu.


bena wòanya nusi ŋu mekɔ o kple nusi ŋu ko. Esia nye se le anyi ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite