Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 24:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye wòʋu le eƒe me ɖade ŋutsu bubu,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Ne nyɔnu la gaɖe srɔ̃,

Gade chapit la Kopi




5 Mose 24:2
10 Referans Kwoze  

Ke ne amesi mexɔ se o la, gbe srɔ̃a la, negbee faa! Nɔviŋutsu alo nɔvi nyɔnu la menye kluvi le nya siawo ƒomevi me o. Ke Mawu yɔ mí le ŋutifafa me.


Eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke aɖe asi le srɔ̃a ŋuti, eye wòaɖe bubu la, ewo ahasi ɖe eyama ŋuti;


ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke aɖe asi le srɔ̃a ŋu, eva menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o la, eyae na wòwɔ ahasi; eye amesi ke aɖe nyɔnu, si ŋu wòɖe asi le la, ewɔ ahasi.


Womaɖe ahosi alo nyɔnu, si wogbe la o, ke boŋ woaɖe ɖetugbi tso Israel ƒe aƒe ƒe ƒome la me; ke wokpɔ mɔ aɖe nunɔlawo ƒe ahosi.


Gake ne srɔ̃a gbe nɛ le gbesigbe wòsee la, ekema egblẽ eƒe adzɔgbe, si wòɖe, kple nya, si ge le enu wòtsri nu na eɖokui le, me nɛ; eye Yehowa atsɔe akee.


Ke ne nunɔla ƒe vinyɔnu zu ahosi, alo wogbee, eye vi mele esi o, eye wòtrɔ va le fofoa ƒe me, abe alesi wònɔe le eƒe ɖetugbime ene la, ekpa mo aɖu fofoa ƒe nuɖuɖu la, ɖeko to bubu me toa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o.


Mekpɔ mɔ aɖe ahosi alo nyɔnu, si gbe atsu, nyɔnu, si gblẽ, alo gbolo o: ke boŋ ɖetugbi wòaɖe tso eƒe dukɔ me viwo dome;


Womekpɔ mɔ aɖe gbolo, nyɔnu, si gblẽ, alo nyɔnu, si srɔ̃ gbe o; elabena ame kɔkɔewo wonye na woƒe Mawu.


Ne amea ɖe ɖe nyɔnu wòzu srɔ̃, emegbe eƒe nu meganyo eŋu o, le esi wòwɔ ŋukpenanu ta, eye woŋlɔ kaklãgbalẽ de esi henyãe tso eƒe me;


eye ŋutsu sia hã lé fui, eye woŋlɔ kaklãgbalẽ de esi henyãe tso eƒe me, alo ŋutsu sia, amesi xɔe ɖe, ku la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite