Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 24:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ne eŋe nu le wò agble me, eye neŋlɔ bablaa ɖe be ɖe agblea me la, ekema megagbugbɔ yi, be natsɔe o, ke boŋ amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosiwo tɔ wònye, ne Yehowa, wò Mawu, nayra wò le wò asinudɔwo katã me?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Ne èle wò nukuwo xam le wò agble me, eye nèŋlɔ nuku babla aɖe be ɖe agblea me la, mègatrɔ yi ɖatsɔe o. Gblẽe ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Ekema Yehowa, wò Mawu la ayra wò asinudɔwo katã woadze edzi na wò.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 24:19
23 Referans Kwoze  

Ne mieŋe nu le miaƒe anyigba dzi la, migaŋe nukuawo vaseɖe boto ke o, eye migafɔ nusiwo dudu de anyi o; ke boŋ migblẽ wo di na ame dahewo kple amedzrowo. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


hena Lewitɔwo — elabena womexɔ gome alo domenyinua ɖeke kpe ɖe ŋuwò o — kple amedzro, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, amesiwo le wò du me la, nakpɔ nu aɖu aɖi ƒo, ne Yehowa, wò Mawu, nayra wò le wò asinudɔ, siwo katã nèwɔna la me.


Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.


mina, eye woana mi, dzidzenu nyui, si wote, eye woʋuʋu wògbã go la, woatsɔ aɖo miaƒe akɔ; elabena dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.


Ke tamesusu vavãwo li na bubumewo, eye nu vavãwo dzi wolina ɖo.


Enaa nu ame dahewo fũ, eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee, eye eƒe dzo ade dzi le bubu me.


Yehowa yra Hiob fifia wu tsã, eye alẽ akpe wuiene, kposɔ akpe ade, nyi eveve teƒe akpe ɖeka kple tedzinɔ akpe ɖeka nɔ esi.


ekema nagblɔ le Yehowa, wò Mawu ƒe ŋku me bena: Meɖe nu kokoe ɖa le aƒenye me, eye metsɔe na Lewitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, abe alesi nede se nam pɛpɛpɛ ene, eye nyemeda wò seawo dzi alo ŋlɔ wo be o.


milũ ɖewo le bablawo ŋu da ɖe anyi nɛ, be wòafɔ, eye migahe nya ɖe eŋu o!


ke boŋ nae faa, eye megave wò, bena nènae o, elabena esia ta Yehowa, wò Mawu, yra wò le wò dɔwɔwɔwo katã kple nusiwo nèwɔ dɔ kpɔ la me.


Gake milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwo nu nyui, miɖo nu, eye migakpɔ mo na exɔxɔ o, ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo, elabena eya hã ƒe dɔme nyo na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.


Amesi doa vlo ehavi la, ewɔ nuvɔ̃; ke amesi vea hiãtɔ nu la, woayrae!


Ɖo ŋku edzi bena, ènye kluvi kpɔ le Egipte, eye Yehowa, wò Mawu, xɔ wò ƒle tso afima, eyata mede se na wò be, nawɔ alea ɖo.


Eye Rut, Moab-nyɔnu la, gblɔ na Naomi bena: Mayi agble me aɖafɔ lu dzɔdzɔewo le amesi ave nunye la yome. Eye wògblɔ ne bena: Heyi, vinye!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite