Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 24:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Megawu fofowo kpe ɖe viwo ŋu o, eye megawu viwo kpe ɖe fofowo ŋu o, ke boŋ amesiame naku ɖe eƒe nuvɔ̃ ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 “Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, eye nenema ke womawu viwo ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o. Woawu ame sia ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 24:16
8 Referans Kwoze  

Amesi wɔa nuvɔ̃ la, eyae aku; fofo ƒe vodada manɔ via dzi o, eye vi ƒe vodada manɔ fofo dzi o; ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye ava eya ŋutɔ dzi, eye ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ ava eya ŋutɔ dzi.


Ke mewu wo viwo o, abe alesi Yehowa de se gblɔ woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene be: Fofowo megaku ɖe viwo nu o, eye viwo megaku ɖe fofowo nu o, ke boŋ amesiame nèku ɖe eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ ta.


Ke Korax viwo ya meku o.


Tete fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ, eye wòɖe se be, woaɖe Daniel le do la me. Eye woɖe Daniel le ɖo la me, ke naneke mewɔe o, elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu la ŋu.


Tete fia la gblɔ bena: Wò Aximelex kple fofowò ƒe aƒemetɔwo katã miaku!


Kpɔ ɖa, luʋɔwo katã, tɔnye wonye, fofo kple vi ƒe luʋɔ siaa, tɔnye wonye; luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite