Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 24:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Megate fetu ame dahe kple hiãtɔwo o, eɖanye nɔviwò alo amedzro, si le wò anyigba dzi duwo me la dometɔa ɖe o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 “Mègate agbatedɔwɔla aɖeke ɖe to gbeɖe o, eɖanye nɔviwò Israelvi loo alo amedzro si le wò du me o.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 24:14
15 Referans Kwoze  

Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Amesi te ame tsa ɖe anyi la, ɖea alɔme le ewɔla ŋu; ke amesi vea ame dahe nu la, ɖea bubu eŋu.


Ne wote ame dahe ɖe anyi la, eƒe nuwo ko wobe, nedzi ɖe edzi; ke ne wona nu kesinɔtɔ la, ahedada wònye wokplɔ ƒui.


Mise nya sia, mi Basan-nyinɔ, siwo le Samaria-to dzi! Mi amesiwo te ame dahewo ɖe anyi, miegbã hiãtɔwo gudugudu, eye miegblɔ na miaƒe atsuwo bena: Miku aha vɛ míano!


Eye aƒe ma me ke mianɔ, aɖu, eye ano nusi ke le wo si; elabena dɔwɔla dze eƒe fetu. Migatso aƒe me yi aƒe me o.


Wo amesiwo ƒe ve me le fiefiẽm ɖe kekui, si le ame dahe ƒe ta me la ŋu, woglɔ̃a mɔ na hiãtɔwo, eye vi kple fofoa woyia gbolo ɖeka gbɔ, ne woaɖo gu nye ŋkɔ kɔkɔe la.


Misee, mi amesiwo ƒe ve me le fiefiẽm ɖe ame dahewo ŋu, eye mietsrɔ̃ hiãtɔwo;


Wodoa vlo fofo kple dada le mewo, wotea amedzro ɖe anyi le mewo, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃evi kple ahosi ŋu le mewo.


Elabena ŋɔŋlɔ la gblɔ be: „Megabla nu na nyitsu, si le mɔli tugum la o,“ eye: „Dɔtsɔla dze eƒe fetu.“


Megate hawòvi ɖe anyi o, eye megada adzoe o. Megana agbatedɔwɔla ƒe fetu natsi gbɔwò ŋu nake ɖe edzi o.


Ne nɔviwòwo dometɔa ɖe da ahe le wò dua ɖe me le wò anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ekema megasẽ wò dzime, eye namiã asi ɖe noviwò dahe la o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite