Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 24:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ke boŋ, ne ɣe ɖo to la, nagbugbɔ awɔbanu la nɛ, bena woate ŋu akpɔ avɔ atsyɔ amlɔ anyii, eye Woayra wò, eye wòatrɔ zu dzɔdzɔenyenye na wò le Yehowa, wò Mawu, ŋku me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Trɔe yi nɛ ne ɣe ɖo to, ale be wòate ŋu awɔ eŋu dɔ le zã me, ekema woayra wò. Yehowa, wò Mawu la abui dzɔdzɔenyenyee na wò.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 24:13
24 Referans Kwoze  

exɔ edzi gblɔ bena: Ɖe menye esia nye Babel ga, si metsɔ nye ŋusẽ triakɔ la tsoe, ne wòanye fia nɔƒe kple nye atsyɔ̃ ƒe bubu oa?


Ne mielé se siawo katã me ɖe asi, eye miewɔ wo dzi, abe alesi wòɖe se na mi ene la, woabui dzɔdzɔenyenye na mi.


Gbemagbe ke naxe fe nɛ, eye ɣe megaɖo to ɖee o, elabena ame dahe wònye, eye eya ŋu eƒe ŋku le, ne magayɔ Yehowa ɖe dziwò, eye wòatrɔ zu fɔɖiɖi na wò o.


Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒoa ɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.


Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o;


Wodraa afɔ ɖe awɔbavɔ dzi le vɔsamlekpuiwo katã gbɔ, eye wonoa nyadrɔ̃ha le woƒe mawuwo ƒe me.


ame vɔ̃ɖi la gbugbɔ awɔbanu na, eɖo nusi wòda adzoe la teƒe, eye wòzɔ ɖe ɖoɖo agbetɔwo nu, be megawɔ nu vɔ̃ɖi azɔ o la, ekema ano agbe kokoko, maku o.


esẽa ŋuta le ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu, eɖua sesẽnu, eye megbugbɔa awɔbanu nana o, efɔa mo te ɖe legbawo ŋu, eye wòwɔa ŋunyɔnu,


mebaa ame o, egbugbɔa awɔbanu, si wòxɔ ɖe eƒe fe nu la nana, eye meɖua sesẽnu o, enaa eƒe abolo dɔwuitɔwo, eye wòtaa avɔ na amesiwo tsi ƒeƒle,


Ekema wò kekeli adze abe agudzedze ene, eye wò hayahaya ado kaba, wò dzɔdzɔenyenye adze ŋgɔwò, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ahe megbe na wò.


Enaa nu ame dahewo fũ, eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee, eye eƒe dzo ade dzi le bubu me.


Eye wòxɔ Yehowa dzi se, eye wòbui nɛ dzɔdzɔenyenyee.


mesẽa ŋuta le amea ɖeke ŋu o, mexɔa awɔbanu o, eye meɖua sesẽnu o, enaa eƒe abolo dɔwuitɔwo, eye wòtaa avɔ na amesiwo tsi ƒeƒle,


Ke nenye ame dahe wònye la, megana awɔbanu la natsi gbɔwò adɔ o.


Ne exɔ hawòvi ƒe avɔ awɔbae la, ekema gatsɔe nɛ, hafi ɣe naɖo to,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite