Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 23:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Ke ne ègbe adzɔgbeɖeɖe la, ekema meɖi tɔa ɖeke o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Ne ènya ɖe adzɔgbe ko la, ele be nàkpɔ egbɔ be yewɔ nu si ŋugbe nèdo be yeawɔ la kokoko, elabena wò ŋutɔe tia nu si nàwɔ, eye Yehowa, wò Mawu lae nèɖe adzɔgbe na.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 23:23
20 Referans Kwoze  

Mɔ̃ wònye na amegbetɔ, ne nya ge le enu be: „nua ŋu kɔ!“ emegbe hafi wòayi tame bu ge le adzɔgbeɖeɖe la ŋu.


Eyaŋuti wò la megalɔ̃ edzi na wo o; elabena wo dome amesiwo de xa ɖe eŋuti la, wowu ŋutsu blane, siwo ƒo ti de wo ɖokui be, yewomele nu ɖu ge alo nu no ge akpɔ o, vaseɖe esime yewoawu Paulo; eye azɔ la wosu te hele mɔ kpɔm na wò ŋugbedodo la.


Eye esi ŋu va ke la, Yudatɔa ɖewo ƒo wo ɖokui nu ƒu, eye woƒo ti ɖe wo ɖokui bena, yewomele nu ɖu ge alo nu no ge, vaseɖe esime yewoawu Paulo o.


Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa le eƒe dukɔ blibo la ŋku me,


Ke ɖeɖi te Israel-ŋutsuwo ŋu gbemagbe, eye Saul ka atam na dukɔ la bena: Aɖi amesi aɖu nu, hafi fiẽ naɖo la ŋu, vaseɖe esime mabia hlɔ̃ nye futɔwo hafi! Eye aʋakɔ blibo la mede naneke nu me o.


Eye wòɖe adzɔgbe gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ne ekpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nena ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o!


Eye Mose ƒo nu kple Israel-viwo ƒe toawo ƒe amegãwo bena: Ale Yehowa ɖe se enye si:


Esi wòkpɔe la, edze eƒe awuwo gblɔ bena: Oo, vinye, èdo nublanuitɔm, eye nèhe dzɔgbevɔ̃e va dzinyea? Meke nu na Yehowa, eye nyemagate ŋu atrɔe o!


Miegase wogblɔ na blematɔwo bena: Megaka atam dzodzro o, ke nawɔ wò atamkaka dzi na Aƒetɔ la.


Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la, ekema megahe edziwɔwɔ ɖe megbe o, elabena Yehowa, wò Mawu, abiae tso asiwò kokoko, ne megaɖi fɔ o.


Lé nya, si do le nuwo la me ɖe asi, eye nawɔ nya, si nègblɔ heɖe adzɔgbe le ɖokuiwò si na Yehowa, wò Mawu la dzi.


ke boŋ miawɔ ɖe nya sia nya, si do tso mía nu la nu, míado dzudzɔ na dziƒo fianyɔnu, eye miaƒo tsi ɖe anyi nɛ, abe alesi mia kple mía fofowo, míaƒe fiawo kple míaƒe amegãwo míenɔa wɔwɔm le Yuda-duwo kple Yerusalem-kpɔdomeewo, eye míekpɔa nu ɖuna ɖia ƒo, eme nyona na mí, eye míekpɔa dzɔgbevɔ̃ea ɖeke kple ŋku o la ene.


Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne amea ɖe tsɔ ame ɖe adzɔgbee na Yehowa la, ekema nado asi ɖe eŋu.


Ke Israel-viwo mesi wo o, elabena ameha la ƒe amegãwo la Yehowa, Israel ƒe Mawu la, na wo. Esi ameha blibo la li amegãwo ŋu la,


Tsɔ akpedada sa vɔ na Mawu, eye naxe wò adzɔgbeɖefe na dziƒoʋitɔ la!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite