Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 23:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ekpɔ mɔ axɔ deme le du bubu me tɔwo si, ke megaxɔ deme le nɔviwò si o, bena Yehowa, wò Mawu, nayra wò le nusiwo katã netsɔ wò asi wɔ dɔ kpɔ la me, le anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwò la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 “Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la, ele be nàtso ɖe nu si ŋugbe nèdo nɛ la wɔwɔ ŋu kaba, elabena Yehowa bia be nàxe wò adzɔgbeɖefewo kaba. Ne mèwɔ se sia dzi o la, èwɔ nu vɔ̃.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 23:21
24 Referans Kwoze  

Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa le eƒe dukɔ blibo la ŋku me,


Amegbetɔwo ƒe dɔmedzoe anye kafukafu na wò, eye dɔmedzoe ƒe susɔea natsɔ abla ati dzii.


Gboloa ɖeke meganɔ Israel-vinyɔnuwo dome o, eye Israel-viŋutsua ɖeke meganye ahasitɔ o.


Miegase wogblɔ na blematɔwo bena: Megaka atam dzodzro o, ke nawɔ wò atamkaka dzi na Aƒetɔ la.


Tete ŋutsuawo vɔ̃ Yehowa ŋutɔ, wosa vɔ na Yehowa, eye woɖe adzɔgbe.


Mawu ŋu mele ŋu ɖom ɖo, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?


Eye Yakob ɖe adzɔgbe gblɔ bena: Ne Mawu anɔ anyi kplim, eye wòakpɔ dzinye le mɔ, si dzi mele la dzi, eye wòana abolom maɖu kple awum mado,


Amesiwo subɔa yakanu dzodzrowo la, gblẽa woƒe amenuveve ɖi.


Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la, ekema megahe edziwɔwɔ ɖe megbe o, elabena Yehowa, wò Mawu, abiae tso asiwò kokoko, ne megaɖi fɔ o.


Ale Yonatan bla nu kple Dawid gblɔ bena: Yehowa abia hlɔ̃ Dawid ƒe futɔwo!


Ne edo gbe ɖa nɛ la, aɖo to wò, eye àwɔ wò adzɔgbeɖeɖe dzi.


Tsɔ akpedada sa vɔ na Mawu, eye naxe wò adzɔgbeɖefe na dziƒoʋitɔ la!


Neɖu fia le Mawu ŋku me tegbee; ɖo amenuveve kple nyateƒe, ne woakpɔ eta!


Ne edo ga na nye dukɔ la dome ame dahea ɖe si le gbɔwò la, megaɖi kasae o, eye megabia deme hã le esi o.


hena Lewitɔwo — elabena womexɔ gome alo domenyinua ɖeke kpe ɖe ŋuwò o — kple amedzro, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, amesiwo le wò du me la, nakpɔ nu aɖu aɖi ƒo, ne Yehowa, wò Mawu, nayra wò le wò asinudɔ, siwo katã nèwɔna la me.


Ekpɔ mɔ ali fe du bubu me tɔwo, gake megali nusi nèdo na noviwò la ƒe fee o.


amesi menaa eƒe ga ɖe deme dzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋu o. Amesi wɔa nusiawo la, ke maɖe le ete gbeɖegbeɖe o.


meɖia kasa le agbanadodo me o, eye mexɔa deme o, eɖea eƒe asi ɖa tso nu gbegblẽ wɔwɔ me, eye wòtsoa afia na ame kple ehavi ɖe eteƒe,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite