Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 23:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Gboloa ɖeke meganɔ Israel-vinyɔnuwo dome o, eye Israel-viŋutsua ɖeke meganye ahasitɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Mègaxɔ nunana aɖeke tso gbolo aɖeke ƒe gboloho me alo tso ŋutsu siwo dɔa ŋutsuwo gbɔ la ƒe ahasiho me atsɔ na Yehowa o, elabena ame ƒomevi eve siawo nye ŋunyɔ na Yehowa, wò Mawu la.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 23:18
21 Referans Kwoze  

Mikpɔ nyuie le avũawo ŋuti, mikpɔ nyuie le dɔwɔla vɔ̃wo ŋuti, mikpɔ nyuie le aʋatsotso vlo ŋuti!


Ke avũwo kple afakalawo kple matrewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple trɔ̃subɔlawo kpakple amesiame, si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woatsi agbo la godo.


Migatsɔ nu kɔkɔe la na avũwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu nyuiwo hã ƒu gbe ɖe hawo ƒe ŋku me, ne woaganyã avuzi le wo dzi kple woƒe afɔwo, hafi agbugbɔ ava vuvu mi o.


Eva me na wo le nyateƒe lododo la nu bena: „Avũ gbugbɔ yi ɖe ye ŋutɔ ƒe xeɖeɖe la gbɔ,“ eye „ha, si wole tsi na la, le mimlim yina ba me.“


Wò amesi ƒe ŋkuwo dza, be màte ŋu akpɔ nu yɔ̃ɖi wɔwɔ o, eye màte ŋu alé ŋku ɖe hiãkame ŋu o, nu kaŋuti nèle ame tovo kpɔm kpleŋku, eye nèzi kpi, ne ame vɔ̃ɖi mi amesi nye ame dzɔdzɔe wui la?


Gbolo bubuwo katã la, ɖe wonaa nu wo, ke wòa èna nu wò ahiãviwo katã; ɖe nèna nu wo, be woatso goawo katã me avawo amatre kpli wò.


Elabena nye Yehowa melɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye meléa tu nuhaha vɔ̃ɖi; matu woƒe dɔwɔwɔ ŋu fe na wo pɛpɛpɛ, eye mabia mũ mava kpli wo.


Alesi avũ trɔna ɖe eya ŋutɔ ƒe xeɖeɖe ŋui la, nenema bometsila gbugbɔa eƒe bometsinu wɔnae.


Ami ƒu le ƒuto me nam abe sonugaglɛ ene, nye aɖe le ɖe nye veme, eye nètsɔm ɖo ku ƒe ʋuʋudedi me.


Ekpɔ mɔ axɔ deme le du bubu me tɔwo si, ke megaxɔ deme le nɔviwò si o, bena Yehowa, wò Mawu, nayra wò le nusiwo katã netsɔ wò asi wɔ dɔ kpɔ la me, le anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwò la dzi.


Megadɔ ŋutsu gbɔ abe nyɔnu gbɔ ene o, ŋunyɔnu wònye.


Aɖl ameflula la ŋu kpekpekpe, nenye be, lãtsu le eƒe lãha me, eye wode adzɔgbe hetsɔ la nuwɔe wu na Aƒetɔ la! Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Fia gã menye, eye ŋɔdzi le nye ŋkɔ ŋu le dukɔwo dome.


afima miatsɔ miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, miaƒe adzɔgbeɖe-nunanawo kple nusiwo miena le mia ɖokui si, kpakple nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo ayii.


Ke ne amea ɖe ɖe adzɔgbe alo dzi dzɔe wòsa vɔ la, ekema woaɖu vɔsalã la le gbesigbe wosa vɔ la, eye ne ŋu ke ɖe dzi hã, wokpɔ mɔ aɖu mamlea.


Megagblẽ viwònyɔnu, eye naɖoe ɖe ahasigbe o, bena anyigba la nagazu gbolonyigba, eye ŋukpenanuwo nanɔ edzi o.


Ne ŋutsua ɖe do ŋutsu gbɔ, abe alesi wodɔa nyɔnu gbɔe ene la, ekema woa kple eve wowɔ ŋunyɔnu; ele be, woawu wo, woa ŋutɔwoe ɖe hlɔ̃fe.


ekema woakplɔ nyɔnuvi la ayi fofoa ƒe xɔ nu, eye dua me ŋutsuwo naƒu kpee woaku, elabena ewɔ ŋukpenanu le Israel, eye wòwɔ ahasi le fofoa ƒe me. Ale naɖe vɔ la ɖa le dowòme.


Woagbãwoƒe aklama kpakpɛwo katã, woatɔ dzo woƒe gbolonunanawo katã, eye matsrɔ̃ woƒe legbawo katã; elabena gboloho wotsɔ ƒo wo nu ƒui, eye gboloho woagazu.


Matrewɔlawo hã le anyigba la dzi, eye wokpɔ dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋku me la, ƒe ŋunyɔnuwo katã wɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite