Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 23:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ne ŋutsua ɖe le dowòme, amesi nyẽ tsi le zã me, eye eŋu meka o la, ekema wòado le asaɖa la me, eye mekpɔ mo ava asaɖa la me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 anɔ asaɖa la godo va se ɖe fiẽ, ekema ale tsi, eye wòatrɔ ava asaɖa la me ne ɣe ɖo to.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 23:11
20 Referans Kwoze  

mina miatsɔ dzi nyateƒetɔ ate va le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me, abe amesiwo wòklɔ dzitsinya vɔ̃ ɖa tso woƒe dziwo me, eye wotsɔ tsi zɔzrɔ̃e le na woƒe ŋutilã ene;


Amesi ka asi eƒe aba ŋu la, nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ.


Le ŋkeke adreagbe la wòalũ eƒe ɖawo keŋ; alũ ta, ge kple adzugo, gɔglɔ̃gɔ wòalũ afisiafi, si fu nya le ko, anyẽ eƒe avawo, eye wòale tsi, ekema eŋu kɔ.


eye tso Yesu Kristo, amesi nye ɖaseɖila nyateƒetɔ kple ame kukuwo ƒe ŋgɔgbetɔ kple anyigba dzi fiawo ƒe dziɖula la gbɔ! Amesi lɔ̃a mí, eye wòtso eƒe ʋu klo míaƒe nuvɔ̃wo ɖa le mía ŋuti,


nusi nye kpɔɖeŋu na mawutsidedetaname, si ɖe miawo hã azɔ, si menye ŋutilãɖiƒoƒo ɖeɖeɖa o, ke boŋ dzitsinya nyui ƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu heto Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me,


Nye la metso tsi de mawutsi la na mi hena dzimetɔtrɔ; gake amesi le megbenye gbɔna la, tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo medzem be, matsɔ wo o la, eya atso Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi;


Mahlẽ tsi dzadzɛ ɖe mia ŋu, ne miaƒe nu makɔmakɔwo katã naɖi le mia ŋu, eye maklɔ miaƒe legbawo katã da le mia ŋu.


Kpɔ ɖa, voɖaɖa me wodzim ɖo, eye nuvɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo!


esime wode Batseba gbɔ, eye nyagblɔɖila Natan va egbɔ.


amesi ka asi nusiawo ƒe ɖe ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ, eye maɖu nunana kɔkɔe la ƒe ɖeke o, negbe ɖeko wòale tsi hafi.


Ne afu la vo na amea, eye eŋu ko la, ekema wòaxlẽ ŋkeke adre; emegbe woanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi le tɔsisi me, ekema eŋu ko.


Ne afuɖɔla meklɔ asi hafi de asi amea ɖe ŋu o la, ekema ame la nanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Amesiame, si atso wo dometɔa ɖe ƒe kukua la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Ne ŋutsua ɖe nyẽ tsi la, ekema wòale tsi, eye eŋu meka o vaseɖe fiẽ.


Ŋe eho aʋa ɖe wò futɔwo ŋu, eye nèƒu asaɖa anyi la, ekema kpo nyuie le vɔ̃wo katã ŋu.


Le ɣetrɔ me la wòalé tsi, eye ne ɣe ɖo to la, ekpɔ mɔ ava asaɖa la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite