Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 21:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 ekema megagblẽ eƒe kukua ɖi ŋu nake ɖe edzi o, ke boŋ naɖu gbemagbe ke, elabena Mawu ƒo fi ɖe amesi wode kae ɖe ati ŋu la, eye megagblẽ ko ɖo na anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 mele be eƒe ŋutilã kukua natsi kadeveti la ŋuti ŋu nake o. Ele be woaɖii gbe ma gbe ke, elabena Mawu ƒo fi de ame sia ame si woatsi ɖe ati ŋuti. Mègagblẽ kɔ ɖo na anyigba si Yehowa, wò Mawu la na wò la o.”

Gade chapit la Kopi




5 Mose 21:23
18 Referans Kwoze  

Kristo xe fe ɖe mia ta heɖe mí tso se la ƒe fiƒode la me, esi wòva zu fiƒode le mía ta; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woƒo fi de amesiame, si wohe ɖe ati ŋu la,“


Azɔ esi wònye dzadzraɖoŋkeke la, Yudatɔwo bia Pilato bena, woaŋe woƒe afɔwo, eye ne woaɖe wo ɖa, bena ame kukuwo nagatsi atitsoga ŋu le Sabat dzi o; elabena Sabat gãe nye ŋkeke ma.


Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


eye woƒe anyigba gblẽ; eyata maɖo woƒe vodadawo teƒe na wo, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe.


Elabena medi bena, nye ŋutɔ mazu busu tso Kristo gbɔ ɖe nɔvinyewo, ƒonyemeawo le ŋutilã nu la ta;


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Yɔ dukɔ la ƒe amegãwo katã ƒo ƒu, eye wòatrɔ ati vodalawo ɖe ŋdɔgbe na Yehowa, ne Yehowa nadzudzɔ dɔmedzoedodo ɖe Israel ŋu!


Eye wòde ka ve na Ai-fia ɖe atia ɖe ŋu vaseɖe fiẽ; eye esi ɣe ɖo to la, Yosua ɖe se be, woade eƒe kukua atsɔ ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo nu, eye wofɔ kpewo li ko gãa ɖe ɖe edzi wòtsi anyi vaseɖe egbe.


Ne amea ɖe melɔ̃ Aƒetɔ Yesu Kristo o la, nezu busu! Aƒetɔ la gbɔna!


Israel-viwo magate ŋu anɔ te ɖe woƒe futɔwo nu akpɔ o, megbe kokoko woatrɔ ade woƒe futɔwo, elabena busu le wo dzi. Nyemaganɔ anyi kpli mi o, negbe ɖeko miaɖe busu la ɖa le mia dome hafi.


Ne woɖe ame adre na le viaŋutsuwo dome, ne míahe wo ɖe ati ŋu na Yehowa le Saul, amesi nye Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe Gibea. Eye fia la gblɔ be: Maɖe wo ana


Megado ŋunyɔnua ɖeke va aƒewò me o, ne busu nava dziwò abe woawo ke ene o; ke boŋ woanyɔ ŋu na wò aganyɔ ŋu na wò ɖe dzi, elabena busunu wonye.


Tete Aya vinyɔnu Rizpa tsɔ akpanya keke ɖe agakpe la dzi tso nuŋeɣi ƒe gɔmedzedze, vaseɖe esime tsi dza tso dziƒo ɖe wodzi; eye mena dziƒoxewo dze ɖe wo dzi le ŋkeke me, alo gbemelãwo va wo gbɔ le zã me o.


Israel ƒe aƒe la aɖi wo dzinu adre sɔŋ, ne woakɔ anyigba la ŋu.


Eye Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe ŋunye ka atam bena, nyematso Yordan ayi anyigba nyui, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge, wòanye wò domenyinu la dzi o;


Ne Yehowa, wò Mawu, na nèkpɔ gbɔdzɔe tso wò futɔ, siwo katã ƒo xlã wò si me le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu dzi la, ekema tsrɔ̃ Amalek ŋkɔ da le dziƒoa te. Megaŋlɔe be o!


Eye dɔlaa ɖe va toe nɛ gblɔ bena: Wotsɔ fiaviawo ƒe tawo vɛ. Egblɔ bena: Mitsɔ wo li kɔ eve ɖe agboa nu, vaseɖe ŋu nake!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite