Ne tɔnye medzɔ o, eye mewo nane, si dze ku la, nyemegbe ku o; ke ne nusiwo amesiawo tsɔ le nunye tsom la, ƒe ɖeke mele eme o la, amea ɖeke mate ŋu atsɔm ade asi na wo o. Kaisaro si me metsɔ nye nya dee!
eye wotsɔ wo de asi na Gibeontɔwo, eye wohe wo ɖe ati ŋu le to la dzi le Yehowa ŋku me, eye wo ame adre la ku zi ɖeka. Wowu wo le nuŋeɣi ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esime wodze luŋeŋe gɔme.
Ne woɖe ame adre na le viaŋutsuwo dome, ne míahe wo ɖe ati ŋu na Yehowa le Saul, amesi nye Yehowa ƒe ame tiatia la ƒe Gibea. Eye fia la gblɔ be: Maɖe wo ana
Tete Dawid de se na ɖekakpuiawo, eye wowu wo helã woƒe asiwò kple afɔwo ɖaku ɖe ta to le Xebron; ke wotso Is-Boset ƒe ta ɖi ɖe Abner ƒe yɔdo me le Xebron.
Menye nu nyui nye esia nèwɔ o. Meta Yehowa ƒe agbe be: Mi amesiwo medza miaƒe aƒetɔ, si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu o la, miedze ku! Azɔ kpɔe ɖa be, afika fia ƒe akplɔ kple tsize, si le eƒe tade la le hã?
Eye wòde ka ve na Ai-fia ɖe atia ɖe ŋu vaseɖe fiẽ; eye esi ɣe ɖo to la, Yosua ɖe se be, woade eƒe kukua atsɔ ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo nu, eye wofɔ kpewo li ko gãa ɖe ɖe edzi wòtsi anyi vaseɖe egbe.
Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Yɔ dukɔ la ƒe amegãwo katã ƒo ƒu, eye wòatrɔ ati vodalawo ɖe ŋdɔgbe na Yehowa, ne Yehowa nadzudzɔ dɔmedzoedodo ɖe Israel ŋu!
Eye esi ɣe yina to ɖo ge la, Yosua ɖe se bena, woaɖe wo le atiawo ŋu atsɔ aƒu gbe ɖe do, si me woyia ɖo la me, eye wòfɔ kpe gãwo ɖo do la nu wotsi anyi vaseɖe egbe.
Tete Aya vinyɔnu Rizpa tsɔ akpanya keke ɖe agakpe la dzi tso nuŋeɣi ƒe gɔmedzedze, vaseɖe esime tsi dza tso dziƒo ɖe wodzi; eye mena dziƒoxewo dze ɖe wo dzi le ŋkeke me, alo gbemelãwo va wo gbɔ le zã me o.