Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 21:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 ekema fofoa kple dada nalée ayi du me ame tsitsiawo gbɔ, eye woakplɔe ayi du la ƒe ʋɔnu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 ekema fofoa kple dadaa nakplɔe ayi dumemetsitsiawo gbɔ,

Gade chapit la Kopi




5 Mose 21:19
7 Referans Kwoze  

Eye ne amea ɖe gale nya gblɔm ɖi la, ekema eƒe dzilawo, fofoa kple dadaa woagblɔ nɛ bena: Mãtsi agbe o, elabena ègblɔ alakpanya le Yehowa ƒe ŋkɔ me; eye eƒe dzilawo, fofoa kple ɖaɖaa, woaɖa nui, ne egblɔ nya ɖi.


Ke ne medze ŋutsu la ŋu be, wòaɖe nɔvia srɔ̃ o la, ekema nyɔnu la nayi ame tsitsiwo gbɔ le ʋɔnu agblɔ bena: Srɔ̃nye nɔvi gbe be, yemalé ye nɔvi ƒe ŋkɔ ɖe te le Israel o; egbe be, yemaɖem o.


ekema wò ame tsitsiwo kple wò ʋɔnudrɔ̃lawo nado ayi, eye woadzidze ame kuku la kple du, siwo ƒo xlãe la dome.


Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo na wò toawo ɖe wò du, siwo katã Yehowa, wò Mawu, ana wò la me, eye woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la ɖe teƒe.


Ne ŋutsuvi dzeaglã, sẽtoa ɖe le amea ɖe si, eye meɖoa to fofoa kple dada ƒe gbe o, eye wohe to nɛ, gake mesee o la,


Eye woagblɔ na du me ame tsitsiawo bena: Mia viŋutsu sia enye ame dzeaglã kple tosẽla, meɖoa to miaƒe gbe o, eye wònye ame baɖa kple ahamũla.


Eye aƒedzikpɔla Ebed-Melex, Kusitɔ la, amesi le fia ƒe me la, se be, wotsɔ Yeremya de do me; fia la bɔbɔ nɔ Benyamin-gbo nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite