Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 21:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ne ŋutsuvi dzeaglã, sẽtoa ɖe le amea ɖe si, eye meɖoa to fofoa kple dada ƒe gbe o, eye wohe to nɛ, gake mesee o la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 “Ne viŋutsu sẽto, dzeaglã aɖe le ŋutsu aɖe si, meɖoa to fofoa kple dadaa o, togbɔ be wohea to nɛ hafi hã la,

Gade chapit la Kopi




5 Mose 21:18
31 Referans Kwoze  

Amesiame nayɔ dada kple fofoa, eye miaɖo ŋku nye dzudzɔgbewo dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Bu fofowò kple dawo, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la dzi.


Nukaŋuti woanɔ mia ƒoƒo dzi, esi miele godzedze dzi ɖaa? Ta blibo la xɔ abi, eye nu te dzi blibo la ŋu belibeli.


Mi dziƒowo, misee, eye anyigba, ƒu to anyi; elabena Yehowa le nu ƒom bena: Menyi viwo wotsi, eye medo wo ɖe dzi, ke wodze aglã ɖe ŋunye.


Ŋku, si ɖea alɔme le fofoa ŋu, eye mebua dada ɖe naneke me o la, akpaviãwo ahoe le to me le tɔʋu to, eye hɔ̃viwo aɖui.


He to na viwò, ekema ana gbɔɖeme wò, eye wòado vivi na wò luʋɔ.


Amesi ado ɖiŋu na fofoa kple dada la, eƒe akaɖi atsi le blukɔ tsiɖitsiɖi me.


He to na viwò, elabena mɔkpɔkpɔ gali; ke megaɖo ɖe tame be, yeawui o.


Esi meklɔ ŋuwò, ke wò nu makɔmakɔawo gbe ɖiɖi le ŋuwò le wò ŋukpenanuwɔwɔ makɔmakɔawo ta la, eyata ŋuwò maɖi akpa o, vaseɖe esime nye dziku nu nafa ɖe ŋuwò.


Wodoa vlo fofo kple dada le mewo, wotea amedzro ɖe anyi le mewo, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃evi kple ahosi ŋu le mewo.


Mese Efrayim le nu xam xoxo be: „Ehe to nam, eye mena nèhe to nam abe nyivi, si womemlã o la ene; gakplɔm gbɔe, ekema matrɔ la me; elabena wòe nye Yehowa, nye Mawu.


Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? Eƒo wo, gake meɖe lã me na wo o; ètsrɔ̃ wo ɖa, ke wogbe toɖoɖo tohehe, wosẽ woƒe ŋku me wu agakpe, eye wogbe tametɔtrɔ.


Dzidzime, si doa ɖiŋu na fofoa, eye meyraa dadaa o la,


Amesi da adzo fofoa kple ɖaɖaa hegblɔ be: Menye nuvɔ̃a ɖeke o la! nugblẽlawo ƒe hati wònye.


Ne bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu la, ameƒoti afee ɖa le afima.


Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe; ke amesi bua mokaname la, adze nunya.


Amesi vea nu le eƒe ameƒoti gbɔ la, léa fu via; ke amesi lɔ̃nɛ la, tsona ɖe tohehe ŋu bla.


Vinye, se fofowò ƒe amehehe, eye megagblẽ ɖawò ƒe nufiame ɖi o;


Manye fofoa, eye eya anye vinye, eye ne eda vo la, mahe to nɛ kple ameƒoti, eye maƒoe, abe alesi woƒoa amegbetɔviwo ene.


Amesi do vlo fofoa kple dada la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Eyata nyae le wò dzi me bena, ɖe Yehowa le nu fiãm wò, abe alesi ŋutsu fia nunya via ene.


Ne nunɔlaa ɖe ƒe vinyɔnu gblẽ le ahasi wɔm la, ekema eƒo ɖi fofoa; ele be, woatɔ dzoe.


Amesi ke aƒo fi ade fofoa alo dada la, woawui.


Amesi ke aƒo fofoa alo dada la, woawui.


ekema fofoa kple dada nalée ayi du me ame tsitsiawo gbɔ, eye woakplɔe ayi du la ƒe ʋɔnu.


Megblɔ nɛ be, mahe to na eƒe aƒe la kokoko le eƒe vodada ta, elabena enyae bena, viawo wo busunu gake megbe na wo o.


Ke dzi dzeaglã sẽto li na dukɔ sia, wote ɖe aga helé woƒe mɔ tsɔ;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite