Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 21:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 eye azã su wòle domenyinu mã ge na viawo la, ekema mekpɔ mɔ atsɔ esi wòlɔ̃na ƒe viŋutsu awɔ ŋgɔgbevi ɖe esi melɔ̃na o ƒe viŋutsu teƒe o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 mele be ŋutsu la nana domenyinu Via ŋutsu ɖevitɔ, ame si dada wòlɔ̃ la wòasɔ gbɔ wu Via ŋutsu tsitsitɔ, ame si dadaa melɔ̃ o la tɔ o.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 21:16
10 Referans Kwoze  

Xosa, amesi tso Merari viwo dome la ƒe viwo nye: Simri, amesi nye tatɔ; menye eyae nye ŋgɔgbea hafi o, gake fofoa tsɔe ɖo tatɔe,


Elabena Yuda sẽ ŋu le nɔviawo dome, eye amegã dzɔ tso eme; ke ŋgɔgbevinyenye la enye Yosef tɔ.


Mlɔeba la, nɔviwo, nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔa ɖe li, eye ne kafukafua ɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!


Elabena amesiwo wonya ɖi la, eɖo wo ɖi hã, bene woanye Via ƒe nɔnɔme tɔgbe, bene wòanye ŋgɔgbevi le nɔvi geɖewo dome.


Wo fofo na nu geɖe wo, klosalo kple sika kple nu xɔasiwo hekpe ɖe Yuda-du sesẽwo ŋu, ke etsɔ fiaɖuƒe la na Yoram, elabena eya nye ŋgɔgbea.


Yakob ɖo ŋu nɛ be: Tsɔ wò ŋgɔgbevinyenye ƒle nam gbã gbɔ.


Ne ŋutsua ɖe ɖe nyɔnu eve, eye wòlɔ ɖeka, ke melɔ̃ evelia o, eye esi wòlɔ̃na kple esi melɔ̃na o la siaa dzi viwo nɛ, gake esi melɔ̃na o la tɔ nye eƒe ŋgɔgbeviŋutsu,


ke boŋ wòabu esi melɔ̃na o la ƒe viŋutsu ŋgɔgbevii, eye wòana nusiwo katã le esi lae zi gbɔ zi eve awu; elabena eyae nye eƒe ali me vi gbãtɔ, eye etɔe nye domenyinu la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite