Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 21:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ne ŋutsua ɖe ɖe nyɔnu eve, eye wòlɔ ɖeka, ke melɔ̃ evelia o, eye esi wòlɔ̃na kple esi melɔ̃na o la siaa dzi viwo nɛ, gake esi melɔ̃na o la tɔ nye eƒe ŋgɔgbeviŋutsu,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 “Ne srɔ̃ eve le ŋutsu aɖe si, ŋutsua lɔ̃ srɔ̃a ɖeka, ke melɔ̃ evelia o, evɔ nyɔnu eveawo katã dzi vi nɛ, eye Via ŋutsu tsitsitɔ dadae nye srɔ̃a si ŋutsu la melɔ̃ o la,

Gade chapit la Kopi




5 Mose 21:15
8 Referans Kwoze  

Eyome la egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Eye wògblɔ bena: Yehowa se bena, womelɔ̃a nye nya o; eyata wotso esia hã nam. Eye wòna ŋkɔe bena Simeon.


Ale Yakob subɔ ƒe adre ɖe Raxel ta, eye wòle nɛ abe ŋkekea ɖewo ko ene, le alesi gbegbe wòlɔ̃ne la ta.


Eye Yakob lɔ̃a Raxel, eyata wògblɔ bena: Masubɔ wò ƒe adre le Raxel, wò nyɔnuvi ɖevitɔ la ta.


eye azã su wòle domenyinu mã ge na viawo la, ekema mekpɔ mɔ atsɔ esi wòlɔ̃na ƒe viŋutsu awɔ ŋgɔgbevi ɖe esi melɔ̃na o ƒe viŋutsu teƒe o;


Eɖe srɔ̃ eve, ɖeka ŋkɔ nye Xana, eye evelia ŋkɔ nye Penina; Penina dzi vi, ke Xana medzi via ɖeke o.


Eye Rexabeam tsɔ Abiya, Maaxa vi, ɖo tame le nɔviawo dome, elabena edi be, yeatsɔe aɖo fiae.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite