Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 20:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ne ŋutsua ɖe de weingble, eye mede nu eme nua ɖeke ŋu haɖe o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magaku ɖe aʋa me, eye ŋutsu bubu nawɔ eŋu ɖɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Mia dometɔ aɖe de waingble yeye aɖe, eye meɖu waintsetse aɖeke tso agble la me haɖe oa? Ekema amea nayi aƒe me! Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ame bubu sãa aɖu eƒe waintsetse la!

Gade chapit la Kopi




5 Mose 20:6
8 Referans Kwoze  

Woaha woƒe ke-sinɔnuwo, eye woƒe aƒewo azu aƒedo; woatu xɔ, ke womanɔ eme o, eye woade weingble, ke womano eƒe wein o.


woagade weingble ɖe Samaria-towo dzi; amesi wo de wo la, woaɖu wo me kutsetse.


Womãtu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; elabena nye dukɔ atsi, abe alesi ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.


Ameka gɔ̃e woa aʋawɔvi ƒe do, eye wòxea fe na eɖokui? Alo ameka gɔ̃e dea weingble, eye meɖua eƒe kutsetse oa? Alo amekae nyia lãha, eye menoa lãha la ƒe notsi oa?


Eye dzikpɔlawo nagblɔ na aʋakɔ la bena: Ne ŋutsua ɖe tu xɔ yeye, eye meʋu ɖe eme haɖe o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magaku ɖe aʋa me, eye ŋutsu bubu naʋu ɖe eme o.


Ne ŋutsua ɖe bia nyɔnu ta, eye mekpɔ ɖee haɖe o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magaku ɖe aʋa me, eye ŋutsu bubu naɖee o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite