Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 20:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ne èbe, yeawɔ aʋa kple dua ɖe axɔe, eye nèɖe to ɖee eteƒe didi la, ekema megatsɔ̃ fia gblẽ woƒe atiwo o, ke boŋ èkpɔ mɔ aɖu woƒe tsetse, eye megalã wo o, elabena agblemeti menye ame wònye nèva to ɖe ge ɖee o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 “Ne èɖe to ɖe du aɖe la, mègagblẽ woƒe kutsetsetiwo o. Na miaɖu kutsetse siwo miate ŋui. Mègana woatso atiawo ƒu anyi dzodzro o. Atiawo menye futɔwo, eye wòle be nàna woatsrɔ̃ wo o!

Gade chapit la Kopi




5 Mose 20:19
11 Referans Kwoze  

Ke azɔ la wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gã hã xoxo. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me.


Ke Egiptetɔwo sẽ ŋuta le mía ŋu, wote mí ɖe anyi, eye wode do sesẽwo asi na mi.


Eye esi wòkpɔ gbotia ɖe le ma to la, ete ɖe eŋuti, ke mekpɔ naneke le edzi o, negbe aŋgbawo ko, eye wògblɔ nɛ bena: Tso esia dzi yina la megale tsetse ge halase tegbetegbe o. Eye enumake gboti la yrɔ sũ.


ne womagava fia ŋunyɔnu, siwo katã wowɔna na woƒe mawuwo la, wɔwɔ mi, eye miawo nuvɔ̃ ɖe Yehowa, mia Mawu ŋu o.


Negbe ati, siwo nènya be, womeɖua woƒe tsetse o la, ko nagblẽ, eye nalã wo atsɔ tɔ kpɔ ɖe du, si le aʋa wɔm kpli wò la ŋu, vaseɖe esime naɖu edzi.


Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Milã eƒe atiwo, eye miƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu; eyae nye du, si woahe to na, eye ŋutasesẽ yɔe fũ.


eye miasi du sesẽwo katã kple du veviwo katã, mialã ati nyuiwo katã, miaxe tsidzɔƒewo katã, eye miatsɔ kpe agblẽ agble nyuiwo katãe.


Wogbã duwo, eye wo dome amesiame fɔ kpewo ƒu gbe ɖe agble nyuiwo katã me taŋtaŋ, woxe tsidzɔƒewo katã, eye wolã ali nyuiwo katã, negbe Xareset ƒe glimekpewo koe kpɔtɔ. Tete akafodalawo ɖe to ɖee, eye woda wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite