Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 20:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke mèkpɔ mɔ ana amea ɖeke natsi agbe le dukɔ siawo ƒe du, siwo Yehowa, wò Mawu, ana wò wòanye wò domenyinu lãme o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 “Ke migana ame aɖeke natsi agbe le Ŋugbedodonyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi o. Na woatsrɔ̃ nu gbagbe ɖe sia ɖe.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 20:16
25 Referans Kwoze  

Eye Israel-viwo ha aboyonuwo kple lãwo le du siawo me na wo ɖokui, negbe amewo katã ko wowu kple yi, vaseɖe esime wotsrɔ̃ wo vɔ, eye womena nu gbagbe ɖeka hɔ̃ hã kpɔtɔ o.


ekema mianya anyigbadzinɔlawo katã le mia ŋgɔ, eye miagbã woƒe aklama kpakpɛwo katã kple woƒe legbawo katã kpakple woƒe vɔsamlekpuiwo katã.


Ale Yosua du anyigba blibo la kple fia, siwo katã le towo dzi, dziehe, gbadzaƒe kple towo ŋu la dzi; mena amea ɖeke si o, eye wòtsrɔ̃ nu gbagbewo katã gbidigbidi, abe alesi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, de se ene.


Eye Yosua xɔ Makeda le ŋkeke ma ke dzi; ewu wo kple yi, eye wotsrɔ̃ eme fia kple amesiwo katã le eme la gbidigbidi, eye mena amea ɖeke si o, eye wòwɔ Makeda-fia, abe alesi wòwɔ Yerixo-fia ene.


Atsrɔ̃ dukɔ, siwo katã Yehowa, wò Mawu, tsɔ de asi na wò la; megakpɔ wo ta o, eye megasubɔ woƒe mawuwo o, elabena woava nye mɔ̃ aɖe wò.


Eye wowu eya ŋutɔ kple viaŋutsuwo kpakple eƒe dukɔ blibo la, ale bena amea ɖeke metsi agbe ahayi sisi ge o.


Eye Yosua tsɔ wo wɔ nakefɔlawo kple tɔmedelawo na ameha la kple Yehowa ƒe vɔsamlekpui la le teƒe, si tia ge wòala la, tso ŋkeke ma dzi vaseɖe egbe.


Woɖo ŋu na Yosua bena: Ɖe wogblɔ na wò dɔlawo bena, Yehowa, wò Mawu, de se na eƒe dɔla Mose be, yeatsɔ anyigba blibo la na mi, eye yeatsrɔ̃ anyigbadzitɔwo katã le mia ŋgɔ, eye mieva be, miava wu mí, eyata miewɔ alea ɖo.


Eyata miwu ŋutsuvi, siwo katã le ɖeviawo dome, eye miwu nyɔnuvi, siwo katã ɖo ŋutsu gbɔ kpɔ;


Alea nawɔ du, siwo katã le adzɔge ʋĩ tso gbɔwò, eye womenye dukɔ siawo ƒe duwo o la hãe.


ke boŋ natsrɔ̃ Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo gbidigbidi, abe alesi Yehowa, wò Mawu, de se na wò ene,


Eye wòtɔ dzo du la kple nusiwo katã le eme, negbe klosalo kple sika, akɔblinuwo kple gayibɔnuwo ko wotsɔ va nudzraɖoƒe le Yehowa ƒe me.


Eye ne miexɔ dua vɔ la, ekema mitɔ dzo du la; miwɔ, abe alesi Yehowa gblɔ na mi ene, kpɔ ɖa, nyee ɖe se na mi.


Aitɔ, siwo katã tsi aʋa gbemagbe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, le ame akpe wuieve.


Eye esi Yosua kple Israel-viwo si wo vɔ hetsrɔ̃ wo, eye ame mlɔeawo si yi ɖe ɖu sesẽwo me la,


Eyata yi, nasi Amalek, eye natsrɔ̃ eƒe nuwo katã gbidigbidi, megave enu o; ke boŋ wu ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩewo, nyiwo kple alẽwo, kposɔwo kple tedziwo siaa!


Eye Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe ŋunye ka atam bena, nyematso Yordan ayi anyigba nyui, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge, wòanye wò domenyinu la dzi o;


ekema ŋutsu gbãtɔ, si nyae la, mekpɔ mɔ agaɖee woazu srɔ̃ o, elabena wodo ŋunyɔe. Ŋunyɔnu wònye le Yehowa ŋku me, eyata megahe vɔ̃ va anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la dzi o.


Ne Yehowa tsɔ wo ɖe asi le mia ŋku me la, ekema miwɔ wo pɛpɛpɛ ɖe se, siwo mede na mi la nu.


Tete Israel-ŋutsuwo gblɔ na Xiwitɔwo bena: Ɖewohi miele mía dome; aleke wo hafi míabla nu kpli mi?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite