Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 ne miagawɔ aʋa kpli wo o, elabena nyemele woƒe anyigba ƒe afɔ ɖeka hã na ge mi o, elabena ɖe metsɔ Seir-to la na Esau, be wòanye etɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Migaho aʋa ɖe wo ŋu o, elabena metsɔ Seir to la ƒe tonyigbawo katã na wo tegbetegbe, eye nyematsɔ woƒe anyigba ƒe kakɛ aɖeke ana mi o.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 2:5
13 Referans Kwoze  

Metsɔ Yakob kple Esau na Isak, eye metsɔ Seir-to na Esau, be wòanye etɔ, ke Yakob kple viawo ya ʋu yi Egipte.


Eye Esau nɔ Seir-to la dzi. Esau enye Edom.


eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi;


eye mena domenyinyia ɖekee ɖe edzi o, menye afɔ ɖeka ƒe kekeme hã o; eye wòɖo ŋugbe bena, yeatsɔe anae wòanye eya kple eƒome, si gbɔna le emegbe la to, esi vi mele esi haɖe o.


Anyigbadzitɔwo katã meɖi naneke nɛ o, eye wòwɔa dziƒo ŋu nuwo kple anyigbadzitɔwo alesi dze eŋu, eye amea ɖeke meli alé eƒe asi agblɔ be, nuka nye esi wɔm nèle hã o.


Nusiawo katã va fia Nebukaɖnezar dzi.


Nyee tso nye ŋusẽ gã kple nye alo, si le dzi la, wo anyigba, amegbetɔwo kple lãwo, siwo le anyigba dzi, eye amesi dze ŋunye la, metsɔnɛ na.


Esi dziƒoʋitɔ ma anyigba na dukɔwo, eye wòkaka ame gbetɔviwo me la, eɖo liƒo na dukɔwo, ɖe alesi Israel-viwo sɔ gbɔe nu.


Miekpɔ mɔ atsɔ ga aƒle nuɖuɖu le wo si aɖu, eye miekpɔ mɔ atsɔ ga adze tsi le wo si ano.


abe alesi Yehowa wɔ na Esau-viwo, amesiwo nɔ Seir la ene: etsrɔ̃ Xoritɔwo le wo ŋgɔ, eye wonyã wo hena wo teƒe va do egbee.


Esia enye Esau, Edomtɔ, siwo le Seir-to dzi la, fofo ƒe dzidzimeviwo ŋutinya.


Amevi, trɔ mo de Seir-to la, eye nagblɔ nya ɖi ɖe eŋu


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite