Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 2:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye de se na dukɔ la bena: Miele mia nɔvi Esau-viwo, amesiwo le Seir la, ƒe anyigba dzi to ge, eye wole mia vɔ̃ ge, ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Gblɔ na ameawo be wole wo nɔviwo, Edomtɔwo ƒe anyigba dzi to ge. Ame siawoe nye Esau ƒe dzidzimevi siwo le Seir. Dzidzi aƒo Edomtɔwo, eya ta mikpɔ nyuie.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 2:4
15 Referans Kwoze  

Megadi nyuie alo dzɔgbenyuie na wo le wò agbe me ŋkekewo katã me gbeɖe o.


Ɣemaɣi la Edom-fiawo ɖi vo, Moab-megãwo dzo nyanyanya, eye dzika tso Kanaanitɔwo katã ƒo.


Mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋku me, eye miwo ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo.


bena miazu mokaka manɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo, mawuvi, siwo nye ame maɖifɔwo le dzidzime gɔglɔ̃ totro kpaɖikpaɖi titina, amesiwo dome mieklẽna le abe akaɖiwo ene le xexeame,


Eyaŋuti la mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene,


Eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le ŋukeklẽ ŋuti; elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.


Nenema ke mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.


Eye Yehowa gblɔ nɛ bena; Dukɔ evee le wò dɔ me, eye dukɔ eveawo amã atso wò dɔ me ke; dukɔ ɖeka asesẽ awu ɖeka, eye tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ!


Eye Esau nɔ Seir-to la dzi. Esau enye Edom.


Vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi lé wo, wò alɔ sesẽ na wodze ti zu abe kpe ene, vaseɖe esime wò dukɔ la to wo dome yi, Yehowa, vaseɖe esime wò dukɔ, si nèɖe la, to wo dome yi.


Mietrɔ to sia ta eteƒe didi, mitrɔ ɖo ta anyiehe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite