Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 2:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Madze egɔme egbea ana ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ nalé dukɔ, siwo katã le dziƒoa te le ŋuwò, ale be, ne wose: ŋkɔwo la, ŋɔ adzi wo, eye woadzo nyanyanya le ŋgɔwò.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Tso gbe ma gbe dzi la, mana anyigbadzitɔwo katã nade asi dzodzo me nyanyanya le mia vɔvɔ̃ kple miaƒe afi ma ɖoɖo ta.”

Gade chapit la Kopi




5 Mose 2:25
14 Referans Kwoze  

Amea ɖeke manɔ te ɖe mia nu o, eye Yehowa, mia Mawu, ana ŋɔdzi kple vovɔ̃, si le mia ŋu la, naɖo anyigba blibo, si dzi va ge míala la, abe alesi wòdo ŋugbe na mi ene.


Eye anyigba dzi dukɔwo katã akpɔe bena, Yehowa ƒe ŋkɔ le ŋuwò, eye woayɔ wò.


Madɔ vɔvɔ̃, si le ŋunye la, ɖe ŋgɔwò, eye dukɔ, siwo katã dome nava la, alulu, eye wò futɔwo katã asi le ŋgɔwò.


Kpɔ ɖa, maɖe Satana ƒe ƒuƒoƒemetɔa ɖewo, amesiwo gblɔna bena, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ aʋatso wokana la; kpɔ ɖa, mawɔ wo be, woava ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woadze sii be, nye la melɔ̃ wò.


Dzi dzɔ Egipte le woƒe ʋuʋu la ta, elabena woƒe ŋɔdzi le wo,


Woɖo ŋu na Yosua bena: Ɖe wogblɔ na wò dɔlawo bena, Yehowa, wò Mawu, de se na eƒe dɔla Mose be, yeatsɔ anyigba blibo la na mi, eye yeatsrɔ̃ anyigbadzitɔwo katã le mia ŋgɔ, eye mieva be, miava wu mí, eyata miewɔ alea ɖo.


Eye woanye dzidzɔ ŋkɔ kafukafu kple adegbeƒoƒo nam le anyigba dzi dukɔwo katã dome, amesiwo ne wose nu nyui, siwo katã mawɔ na wo ŋkɔ la, ŋɔdzi alẽ wo, eye woadzo nyanyanya le nu nyui kple ŋutifafa, siwo katã mena wo la ŋuti.


Emegbe la wodze mɔ, ke Mawu na vɔvɔ̃ va dze du, siwo ƒo xlã wo la dzi: eyata wometi Yakob viwo yome o.


Eye Dawid ƒe ŋkɔ nyo le anyigbawo katã dzi, eye Yehowa de vɔvɔ̃ eŋu na dukɔwo katã.


vɔvɔ̃ le Moab ŋutɔ le dukɔ la ŋu, elabena esɔ gbɔ akpa, eye dzidzi ƒo Moab le Israel-viwo ŋu.


wova ŋutɔ; elabena Gibeon-du la lolo abe fiaduwo dometɔ ɖeka ene, elolo wu Ai, eye eme ŋutsuwo katã nye kalẽtɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite