Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 2:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 eye nèle tete ge ɖe Amon-viwo ŋu, megadze wo dzi o, eye megawɔ aʋa kpli wo o, elabena nyematsɔ Amon-viwo ƒe anyigbaa ɖeke na wò wòanye tɔwo o, elabena ɖe metsɔe na Lot-viwo, ne wòanye wo tɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 age ɖe Amonitɔwo ƒe anyigba dzi. Ke migaho aʋa ɖe wo ŋu o, elabena nyematsɔ woƒe anyigba ƒe akpa aɖeke na mi o. Metsɔe na Lot ƒe dzidzimeviwo.’

Gade chapit la Kopi




5 Mose 2:19
8 Referans Kwoze  

Tete Yehowa gblɔ nam bena: Megadze Moabitɔwo dzi o, eye megawɔ aʋa kpli wo o, elabena nyematsɔ woƒe anyigbaa ɖeke na wò wòanye tɔwo o, elabena ɖe metsɔ Ar na Lot-viwo, be wòanye wo tɔ.


Azɔ kpɔ ɖa, Amon-viwo kple Moab-viwo kpakple amesiwo le Seir-towo dzi, amesiwo dome mèɖe mɔ na Israel, be woato, esime wotso Egipte o, ke boŋ wode axa na wo, eye wometsi wo o la,


ne miagawɔ aʋa kpli wo o, elabena nyemele woƒe anyigba ƒe afɔ ɖeka hã na ge mi o, elabena ɖe metsɔ Seir-to la na Esau, be wòanye etɔ.


Negbe Amon-viwo ƒe anyigba, si le Yabok-tɔʋu ƒe go ɖeka, kple du, siwo le towo dzi, kpakple nusiwo katã ŋu Yehowa, mia Mawu, ɖe se le la ŋu ko mele ɖo o.


Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si ɖu fia le Xesbon la, ƒe duwo katã vaseɖe Amon-viwo ƒe liƒo ŋu;


Nya ɖe Moab ŋu. Vavãe, woaha Ar-Moab le zã, eye woatsrɔe! Vavãe, woaha Kir-Moab le zã, eye woatsrɔe!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite