Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 2:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye Yehowa ƒe asi hã le wo ŋu, vaseɖe esime wotsrɔ̃ vɔ keŋ le asaɖa la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Ɛ̃, Yehowa ƒe asi tsi tsitre ɖe wo ŋu va se ɖe esime wo katã woku.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 2:15
13 Referans Kwoze  

Tete wòkɔ eƒe asi dzi ɖe wo ŋu, be yeaxlã wo ɖe anyi le gbea dzi,


Gake wo dome ame gedeawo ƒe nu menyo Mawu ŋu o, elabena woxlã wo de anyi le gbeadzi.


Miakpɔe, miaƒe dzi akpɔ dzidzɔ, eye miaƒe ƒuwo amie abe gbe ene, Yehowa ƒe asi aɖe eɖokui afia ɖe eƒe dɔlawo ŋu, eye wòado dziku ɖe eƒe futɔwo ŋu.


Eyata wòna woƒe ŋkekewo bu ɖe gbahlaya me kple woƒe ƒewo ɖe ŋɔdzi me.


Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye keli kple zã, ŋdɔ heliheli na nye ƒuto me mi no. Sela.


Wobɔbɔ Filistitɔwo ɖe anyi, eye tso ekema dzi womegava Israel-nyigba dzi. Kpɔ o, eye Yehowa ƒe asi nɔ Filistitɔwo dzi le Samuel ƒe agbe me ŋkekewo katã me


Tete wodɔ ame woyi ɖaƒo Filistitɔwo ƒe amegãwo katã nu ƒu, eye wogblɔ bena: Migbugbɔ Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖada ɖe eteƒe, bena magawu mia kple mía dukɔ la o! Elabena dzidzi ƒo du blibo la kutɔkutɔe, eye Mawu ƒe asi sẽ le afima.


Ke esi aɖaka la va afima la, Yehowa ƒe asi he ŋɔdzi gãa ɖe va ɖu la dzi, eye wòna ƒoƒoe te duametɔwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa.


Eye Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo dzi, egblẽ wo, eye wòna ƒoƒoe te Asdodtɔwo kple amesiwo le woƒe nutowo me.


Eye Yehowa ƒe asi nye dzɔgbevɔ̃e le wo ŋu le afisiafi, si woyi ɖo, abe alesi Yehowa gblɔ na wo kple alesi Yehowa ka atam na wo ene, ale be woɖo xaxa me ŋutɔ.


Ke mele didim bena, maɖo ŋku dzi na mi amesiwo nya nuwo katã xoxo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu bena, esime Aƒetɔ la ɖe dukɔ la tso Egipte-nyigba dzi la, emegbe la etsrɔ̃ amesiwo mexɔ se o la.


Gblɔ na wo be, Yehowa ƒe numegbe enye si: Meta nye agbe be, mawo mi, abe alesi miegblɔ ɖe nye to me ene!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite