Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 19:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ame ɖeka mekpɔ mɔ aɖi ɖase le amesi ke da vo alo wɔ nuvɔ̃ bubu ƒomevia ɖe la ŋu o, ke boŋ ne ame eve alo ame etɔ̃ ɖi ɖase la, hafi woaxɔ nya la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 “Mègabu fɔ ame aɖeke le ɖasefo ɖeka ko ƒe ɖaseɖiɖi ta o. Ele be ɖasefoawo nade eve godoo; anyo wu ne woade etɔ̃.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 19:15
12 Referans Kwoze  

Ne amea ɖe wu ame, eye ɖasefowo ɖi ɖase le eŋu la, eya ko hafi woawui, gake ɖasefo ɖeka ɖeɖe maɖi ɖase, eye woawui o.


Zi etɔ̃lia enye si megbɔna mia gbɔ; ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu woaƒo nya sia nya ta le.


Ne ame eve alo ame etɔ̃ ɖi ɖase la, hafi woawu amesi dze ku la, gake ame ɖeka maɖi ɖase woawui o.


Ne amea ɖe do vlo Mose ƒe sea la, ekuna nublanui makpɔmakpɔe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ ƒe nya nu;


Ke ne meɖo to wò o la, yi ɖatsɔ ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, bena le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu la woaɖo kpe nya sia nya dzi.


Ne wotso hamemegãa de nu la, megaxɔe o, negbe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu ko.


Eye woŋlɔ ɖe miaƒe se la me hã bena, ame eve ƒe ɖaseɖiɖi le nyateƒe nu.


Emegbe yakame eve wova nɔ ekasa, eye yakameawo le ɖase ɖim le Nabot ŋu le dukɔ la ŋku me le gbɔgblɔm bena: Nabot do ɖiŋu na Mawu kple fia la! Eye wokplɔe do go yi dua godo ɖaƒu kpee wòku.


Eye mitsɔ yakame eve ɖo ekasa, amesiwo anɔ ɖase ɖim le eŋu anɔ gbɔgblɔm bena: Edo ɖiŋu na Mawu kple fia la! Emegbe miakplɔe ado goe aɖaƒu kpee wòaku.


Alo ɖe miaƒe se la drɔ̃a ʋɔnu ame, ne menye ɖe woase ame la ƒe numegbe gbã, eye wonyã nusi wòwɔ o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite