Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 18:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ne èyi anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ekema megasrɔ̃ dukɔ mawo ƒe ŋunyɔnuwo nawɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 “Ne èva ɖo Ŋugbedodonyigba Yehowa wò Mawu la le na wò ge dzi la, ele be nàkpɔ nyuie be dukɔ siwo le anyigba la dzi fifia la ƒe kɔnyinyi vlowo magblẽ kɔ ɖo na mi o.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 18:9
11 Referans Kwoze  

Eyata milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu, bena miagawɔ kɔnu gbegblẽ, siwo wowɔ le mia ŋgɔ la, ahado ŋunyɔ mia ɖokui o Nyee Yehowa, mia Mawu!


Ne Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò la, megagblɔ le wò dzi me bena: Esi menye ame dzɔdzɔe ta Yehowa kplɔm yii, bena maxɔ anyigba sia o; evɔ wònye dukɔ siawo ƒe vɔ̃ɖinyenye ta Yehowa nyã wo ɖa le ŋgɔwò ɖo hafi.


Menye esi nènye ame dzɔdzɔe, eye wò dzime kɔ ta nèyina woƒe anyigba xɔ ge wòanye tɔwo ɖo o, ke boŋ dukɔ sia ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò, bena wòawɔ atam, si wòka na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Wozɔ de dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ɖoɖowo kple Israel-fiawo ƒe ɖoɖowo nu.


ne womagava fia ŋunyɔnu, siwo katã wowɔna na woƒe mawuwo la, wɔwɔ mi, eye miawo nuvɔ̃ ɖe Yehowa, mia Mawu ŋu o.


eye wodo dzudzɔ le afima le nuxeƒewo katã abe dukɔ, siwo Yehowa nyã le wo ŋgɔ ene, eye wowɔ nu vɔ̃ɖiwo, be woatsɔ ado dziku na Yehowa.


Edo dzudzɔ le Ben-Hinom-bali la me, eye wòna viawo to dzo me le dukɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la ƒe ŋunyɔnuwo nu.


Eye nunɔlawo ƒe amegãwo katã hã kple dukɔ la wɔ nu tovo geɖe le dukɔwo ƒe ŋunyɔnuwo katã nu, eye wodo gu Yehowa ƒe aƒe, si ŋu wòka le Yerusalem.


Ale Yehowa gblɔ esi: Dukɔwo ƒe mɔ megamã mi o, eye dziƒo ŋu dzesiwo megadzi ŋɔ na mi o, nenye be, wonɔa ŋɔ dzim na dukɔwo hã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite