Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 18:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nunɔlawo ƒe adzɔ enye si: Ne dukɔ la tsɔ nyi alo alẽ sa akpedavɔ la, ekema woatsɔ abɔ kple glã kpakple dɔgbo na nunɔlawo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ele be woatsɔ nyitsu kple alẽ ɖe sia ɖe si woatsɔ vɛ na vɔsasa la ƒe abɔ, glã kple dɔgbo na nunɔlawo.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 18:3
7 Referans Kwoze  

eye nawɔ wò numevɔsawo ƒe lã kple ʋu siaa ŋu da le Yehowa, wò Mawu, ƒe vɔsamlekpui la dzi, ke nakɔ wò akpedavɔsa ƒe ʋu ɖe Yehowa, wò Mawu, ƒe vɔsamlekpui la dzi, eye natsɔ lã la aɖu.


bena woanyè la, na wò, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo tɔ woanye; amesiame, si ŋu ko le aƒewò me la kpɔ mɔ aɖui, ɖoɖo mavɔ wòanye.


Metsɔ ami nyuitɔ, wein matsimatsi nyuitɔ kple agblemenu gbãtɔ, siwo woatsɔ vɛ na Yehowa la, na wò.


Kɔ agbo, si wowu hena Aron kple viaŋutsuawo ɖoɖo la, ƒe akɔ kple ata, siwo wonye la ŋuti,


bena woanye Aron kple viaŋutsuawo to, eye wòanye ɖoɖo na Israel-viwo tegbee, elabena asidzɔe. Eye wòanye adzo, si Israel-viwo ana Yehowa tso woƒe akpedavɔsawo me.


Ne ɣe ɖo to la, ekema eŋu kɔ, emegbe ekpɔ mɔ aɖu nunana kɔkɔe la, elabena eƒe nuɖuɖu wònye.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite