Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 18:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ne abu le wò dzi me bena: Aleke miate ŋu adze si nya, si Yehowa megblɔ o la?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Ne èbia be, “Aleke míawɔ hafi anya ne nyagblɔɖi la tso Yehowa gbɔ loo alo metso egbɔ o?”

Gade chapit la Kopi




5 Mose 18:21
8 Referans Kwoze  

Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò agbagbadzedze kple wò dzidodo, eye bena mètea ŋu lɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya o, eye nèɖo amesiwo gblɔna be, yewonye apostolowo, eye womenyee o la kpɔ, eye nèkpɔ be, aʋatsokalawo wonye,


Nuteƒewɔla enye amesi yɔ mi ve, amesi lawɔe hã.


Ke ne nyagblɔɖilaa ɖe ɖo eɖokui ɖe dzi, eye wògblɔ nya, siwo nyemegblɔ nɛ o la, le nye ŋkɔ dzi, alo wògblɔ nya le mawu bubuwo ƒe ŋkɔ dzi la, woawu nyagblɔɖila ma.


Ne nyagblɔɖilaa ɖe gblɔ nya le Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, gake nya la meva me o, eye medze edzi o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya la o, ke boŋ nyagblɔɖila la ŋutɔe do eɖokui ɖe dzi hegblɔe; eyata megavɔ̃e o.


Eye Israel blibo la tso Dan vaseɖe Beerseba nyae bena, Yehowa bu Samuel nyateƒetɔe, eye wòɖoe nyagblɔɖilae.


Ne nyagblɔɖila ɖe gblɔ ŋutifafanya ɖi, eye eƒe nya va me la, ekema wòadze sii be, Yehowa ye dɔ nyagblɔɖila sia ɖa vavã.


Kpɔ ɖa, manyẽ nya asi ɖe wo ŋu, ne woazu aboyonu na woƒe kluviwo, eye miadze sii be, Yehowa Zebaot ye ɖɔm ɖa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite