Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 18:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Womaxɔ domenyinua ɖeke ɖe wo nɔviwo dome o, elabena Yehowa ŋutɔe nye woƒe domenyinu, abe alesi wòdo ŋugbe na wo ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Womehiã domenyinu o, elabena Yehowa nye woƒe domenyinu! Esia nye ŋugbe si Yehowa do na wo!

Gade chapit la Kopi




5 Mose 18:2
15 Referans Kwoze  

Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,


eye abe kpe gbagbewo ene la miawo hã mitu mia ɖokui wòazu gbɔgbɔ me xɔ hena nunɔlanyenye kɔkɔe, bena miasa gbɔgbɔ me vɔ, siwo adze Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.


Nye luʋɔ be: Nye gome enye Yehowa, eyata mele esinu kpɔm ɖo.


Ke miawo la, woatsɔ ŋkɔ na mi be: „Yehowa ƒe nunɔlawo“, eye woayɔ mi be „mía Mawu ƒe subɔlawo“; miaɖu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo, eye woƒe atsyɔ̃ atu mia nu.


Yehowa enye nye gome, megblɔ be, malé ŋku ɖe wò nyawo ŋu.


Elabena ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o, melɔ̃ be, matsi tre ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe me, wu esi manɔ eme vɔ̃ɖiwo ƒe agbaɖɔ me.


Yehowa enye nye domenyinu kple nye kplu me nu; ele nye dzidzenu de asi.


Le nya siawo megbe la Abram se Yehowa ƒe nya le ŋutega me bena Abram, megavɔ̃ o; nye enye wò akpoxɔnu; wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.


Ke mia kple viwòwo miawo nunɔladɔ la le vɔsamlekpui la gbɔ kple xɔmetsovɔ la godo. Ɖe metsɔ nunɔladɔ la na mi: ke ne ame tutɔa ɖe te va la, woawui.


Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Naneke manye tɔwo le woƒe anyigba dzi o, eye makpɔ gomea ɖeka le wo dome o, elabena nyee nye wò gome kple wò domenyinu le Israel-viwo dome:


Eyata Lewi mexɔ gome kple domenyinu ɖeke kpe ɖe nɔviawo ŋu o, elabena Yehowa ŋutɔe nye eƒe domenyinu, abe alesi Yehowa, wò Mawu, do ŋugbe nɛ ene.


Negbe Lewi-to la ko metsɔ anyigba ɖeke na o, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe dzovɔsa nye eƒe domenyinu, abe alesi wògblɔ nɛ ene.


Woƒe domenyinu enye si. Nye ŋutɔe nye woƒe domenyinu; migana gomea ɖeke wo le Israel o, nye ŋutɔe nye woƒe gome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite