Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 17:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ɖeko sɔ geɖe meganɔ esi o, eye megaɖo dukɔ la ɖe Egipte, be wòaƒle sɔwo o, elabena Yehowa gblɔna mi bena: Migagbugbɔ to mɔ sia dzi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Kpɔ egbɔ be meƒle sɔ geɖewo na eɖokui o, eye medɔ eƒe amewo ɖe Egipte be woaƒle sɔwo tso afi ma vɛ na ye hã o, elabena Yehowa gblɔ na wò be, ‘Mègatrɔ yi Egipte gbeɖe o.’

Gade chapit la Kopi




5 Mose 17:16
23 Referans Kwoze  

Ke edze aglã ɖe eŋu, eye wòɖo ame ɖe Egipte, ne woana sɔ kple ame geɖewoe. Ɖe wòadze edzi nɛa, eye ɖe amesi wo alea la, asia? Eye esi wònye nubabla wòtu la, ɖe wòasia?


Yehowa akplɔ mi ade ʋu agbugbɔ aɖo ɖe Egipte ato mɔ, si megblɔ na mi be, migato o la dzi, eye woadzra mi le afima na miaƒe futɔwo mianye kluviwo kple kosiviwo, eye womakpɔ mia ƒlelawo gɔ̃ hã o.


Womagagbugbɔ ayi Egipte-nyigba dzi o, ke boŋ Asur nenye woƒe fia, elabena wogbe tametɔtrɔ.


Azɔ menyae be, Yehowa xɔna na eƒe amesiamina la, eye wòtsɔa eƒe nuɖusi ƒe nutsuwɔwɔ, siwo xɔna na ame la, tɔna nɛ tso eƒe dziƒo kɔkɔe la.


Esi Farao ɖe asi le dukɔa ŋu la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi mɔ o, wònye eya tsɔ kpuie hafi. Elabena Mawu gblɔ be: Ne dukɔ la do go aʋli la, ave wo, eye woagbugbɔ ayi Egipte.


Ke Adoniya, Xagit vi, do eɖokui ɖe dzi gblɔ bena: Nyee le fia nye ge! Eye wòdi tasiaɖamwo kple sɔwo kple ame blaatɔ̃, siwo ano du ƒum le eŋgɔ la, na eɖokui.


Ke Mose gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o, milé dzi ɖe ƒo, eye miakpɔ, alesi Yehowa le mia ɖe gee egbe; elabena Egiptetɔ, siwo kpam miele egbea la, miegale wo kpɔ ge alea gbeɖegbeɖe akpɔ o.


Mihe nya ɖe asi, eye mitrɔ ɖe Yehowa ŋu! Migblɔ nɛ he; „Tsɔ vodadawo katã ke, eye wò dɔme neganyo, ekema míana nyitsu, siwo ŋugbe míedo, kple míaƒe nuyiwo la!


Dawid lé sɔdola akpe ɖeka kple alafa adre kpakple afɔzɔla akpe blave, eye Dawid du ata na so, siwo katã wotsi ɖe tasiaɖamwo ŋu la, negbe sɔ alafa ɖeka ko wõkpɔtɔ ɖi.


hegblɔ bena: Fia, si le mia dzi ɖu ge la, ƒe kɔnuwo enye si: Axɔ mia viŋutsuwo, eye wòatsɔ wo aɖo eƒe tasiaɖam kple eƒe sɔɖolawo nu, ne woanɔ du ƒum le eƒe tasiaɖam ŋgɔ.


Tasiaɖam ŋu sɔ akpe ene le Salomo si hekpe ɖe tasiaɖamwo kple sɔdola akpe wuieve ŋu, eye wòtsɔ wo ɖo tasiaɖamwo ƒe duwo me kple fia gbɔ le Yerusalem.


Eyata Mawu kplɔ dukɔ la to gbedzimɔ heyi Avaƒu la nu; eye Israel-viwo bia akpa hafi ʋu tso Egipte.


Woɖakplɔa sɔwo tso Egipte vɛ na Salomo; fia la ƒe asihawo yina ɖaƒlea sɔhawo kple ga.


Klosalo kple sika yɔ eƒe anyigba dzi fũ, eye eƒe kesinɔnuwo teƒe mekɔ o; sɔwo yɔ eƒe anyigba dzi fũ, eye eƒe tasiaɖamwo teƒe mekɔ o.


Mi Yuda ƒe ame susɔeawo, Yehowa gblɔ ɖe mia ŋu be: Migayi Egipte o. Minyae be, megbe na mi egbea!


Matsrɔ̃ wò anyigba ɖzl duwo, eye magbã wò mɔ̃ sesẽwo katã aƒu anyi.


Eye tasiaɖam ŋu sɔ akpe blane kple sɔdola akpe wuieve le Salomo si.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite