Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 17:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 ekema naɖo fia, si Yehowa, wò Mawu, atia la, ɖe ɖokuiwò nu; natsɔ nɔviwòwo dometɔ ɖeka aɖo fia ɖe ɖokuiwò nu; mèkpɔ mɔ aɖo du bubu me tɔ, si menye nɔviwò o la, ɖe ɖokuiwò nu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Kpɔ egbɔ be yeɖo ame si, Yehowa, wò Mawu la atia la fiae. Ele be wòanye Israelvi, menye amedzro o.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 17:15
16 Referans Kwoze  

Woƒe amegã ado tso wo dome, eye wo dziɖula ado tso wo titina; mana woate va agogom, elabena amekae ado dzi, be yeate ɖe ŋunye ma? Yehowa ye gblɔe.


Eya atu xɔ na nye ŋkɔ; azu vinye, eye nyea mazu fofoa, eye mana eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui nati ke ɖe Israel dzi tegbee.


Amesiwo bla akpa ɖe aʋawɔwɔ ŋu, eye wova Dawid gbɔ le Xebron, ne woagbugbɔ Saul ƒe fiaɖuƒe la nɛ le Yehowa ƒe nya nu la, ƒe xexlẽme enye si:


Eye Samuel gblɔ na dukɔ blibo la bena: Miele amesi Yehowa tia na mi la kpɔma? Amea ɖeke mede enu le dukɔ blibo la dome o! Tete dukɔ blibo la tso aseye gblɔ bena: Fia nenɔ agbe!


Kpɔ wò afɔ dzi, be magatsi ƒeƒle o, kple wò ve me dzi, be tsikɔ magawui o! Ke wò la, ele gbɔgblɔm be: Dzodzroe, kpao! Elabena melɔ̃ amedzrowo, eye woawo yome madze.


Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.


Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe aɖaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu.


Tsã esi Saul nye fia ɖe Israel nu la, wòe kplɔa Israel ɖoa goe, eye negakplɔnɛ gbɔnɛ, eye Yehowa gblɔ na wò bena: Wòe anyi nye dukɔ Israel, eye nanye amegã ɖe Israel nu!


Eyaŋuti gblɔe na mi, nuka nèsusuna mahã? Woɖe mɔ bena, woadzɔ nu na kaisaro loo, womeɖe mɔ o mahã?


Etia vinye Salomo le vinyewo katã dome, elabena Yehowa na vi geɖem, ne woabɔbɔ nɔ Yehowa ƒe Israel-fiaɖuƒe la ƒe fiazikpui dzi.


eye wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, ètsi, eye viwowo mele wo ʋe me tom o; eyata ɖo fia na mí, amesi adrɔ̃ ʋɔnu na mí abe alesi wòle le dukɔwo katã dome ene!


Kpe Isai va vɔsa la gbɔ, eye mana nanya nusi nawɔ asi ami na amesi magblɔ na wò la nam!


Tete Israel-toawo katã va Dawid gbɔ le Xebron, eye wogblɔ bena: Kpɔ ɖa, wò ƒu kple wò ŋutilã míenye.


Ɣemaɣi nèƒo nu to ŋutega me na wò ame kɔkɔewo gblɔ bena: „Mekpe de kalẽtɔa de ŋu, eye medo ɖekakpuia ɖe ɖe dzi le dukɔ la dome.“


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite